Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woada akpe na Aƒetɔ.

1 Milé se, siwo katã meɖe na mi egbea la me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena miano agbe, míadzi ɖe dzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo la wòanye mia to.

2 Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.

3 Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.

4 Avɔ mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete le ƒe blaneawo me o.

5 Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene.

6 Wo Yehowa, wò Mawu, ƒe seawo dzi, ne nato eƒe mɔ, eye navɔ̃e.

7 Elabena Yehowa, wò Mawu, le kplɔ wò ge ava anyigba nyui, si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me le la dzi,

8 anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le,

9 anyigba, si dzi nakpɔ nu geɖe aɖu le, eye naneke mahiã wò o, anyigba, si ƒe kpewo nye ga yibɔ, eye naku ga tso towo me.

10 Ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kafu Yehowa, wò Mawu, le anyigba nyui, si wòna wò la ta.

11 Ke kpo nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo, siwo megblɔ na wò egbe la dziwɔwɔ o;

12 eye naɖu nu aɖi ƒo, atu xɔ nyuiwo ano me,

13 wò nyiwo kple alẽwo nadzi ɖe dzi, klosalo kple sika nasɔ gbɔ ɖe asiwò, eye wò nuwo katã nadzi ɖe dzi avɔ tso,

14 hafi nado ɖokuiwò ɖe dzi, eye naŋlɔ Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la be o;

15 eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me,

16 amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.

17 Eye megabu le ɖokuiwò me be: Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o;

18 ke boŋ ɖo ŋku Yehowa, wò Mawu la dzi, elabena eyae na ŋusẽ wò, be nakpɔ kesinɔnuwo, ne wòawɔ nusi wòbia kple fofowòwo la dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

19 Ke ne èŋlɔ Yehowa, wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome hesubɔ wo, eye nède ta agu na wo la, ekema meka ɖe dzi na mi egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko;

20 miatsrɔ̃ abe dukɔ, siwo Yehowa be, yeatsrɔ̃ ɖa le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa, mia Mawu, ƒe gbe o la ta!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan