5 Mose 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Womagadze xɔlɔ̃ kple trɔ̃subɔlawo o, eye womagakpɔ nublanui na wo hã o. 1 Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, 2 eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o. 3 Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o; 4 elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo. 5 Ke boŋ ale miawɔ wo enye si; Mimũ woƒe vɔsamlekpuiwo, eye migbã woƒe legbawo, milé woƒe Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo. 6 Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ. 7 Menye esi miesa gbɔ wu dukɔwo katã ta Yehowa ku ɖe mia ŋu, eye wotia mi ɖo o, elabena miele ʋee le dukɔwo katã dome; 8 ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi ta Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso kluvinyenyeƒe me, eye wòɖe mi tso Farao, Egipte-fia si me. 9 Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi; 10 eɖoa teƒe na eƒe fufuwo ŋutɔwo, eye wòtsrɔ̃a wo, eye mehena ɖe megbe le eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ me o. 11 Eyata lé se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi. 12 Ne miese se siawo, mielé wo me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, mia Mawu, awɔ nubabla kple nublanuikpɔkpɔ, si ŋu wòka atam ɖo na mia fofowo la dzi, 13 eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi. 14 Woayra wò aƒo dukɔwo katã ta: mia dometɔa ɖeke magbe vidzidzi o, eye miaƒe lãwo matsi ko o. 15 Eye Yehowa axe mɔ na dɔlélewo tsyo ƒomevi le ŋuwò, eye makplɔ Egiptedɔvɔ̃, siwo katã nenya la, aƒu wò o, ke boŋ akplɔ wo aƒu wò ketɔwo. 16 Atsrɔ̃ dukɔ, siwo katã Yehowa, wò Mawu, tsɔ de asi na wò la; megakpɔ wo ta o, eye megasubɔ woƒe mawuwo o, elabena woava nye mɔ̃ aɖe wò. 17 Ne abu le wò dzi me be: dukɔ siawo sɔ gbɔ wum, aleke mate ŋu anyã wo hã la, 18 megavɔ̃ wo o, boŋ ɖo ŋku nusi Yehowa, wo Mawu, wo Farao kple Egipte blibo la dzi, 19 eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae. 20 Yehowa, wò Mawu, aɖo teamekplɔɖoewo hã ɖe wodome, vaseɖe esime ame mlɔeawo kple amesiwo si yia la, naku avɔ le ŋkuwò me. 21 Womegadzi ŋɔ na wò o, elabena Yehowa, wò Mawu, si nye Mawu gã, si ŋu vɔvɔ̃ le la, le dowòme. 22 Yehowa, wò Mawu, anyã dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò ʋeʋeʋe; matsrɔ̃ wo zi ɖeka o, ne lã wɔadãwo magadzi ɖe dzi ɖe ŋuwò o. 23 Yehowa, wò Mawu, atsɔ wo ade asi na wò, eye zi gãa ɖe aƒo ɖe wo dome, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ; 24 atsɔ woƒe fiawo aɖe asi na wò, eye natsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe nuwo o, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ. 25 Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la. 26 Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana