Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woɖe se gbãtɔ gɔme, Mawu ƒe lɔlɔ̃.

1 Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,

2 ne miavo Yehowa, mia Mawu la, eye mia kple viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo miawɔ ɖoɖo kple se, siwo megblɔ na mi la dzi, le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, bena mianɔ agbe didie.

3 Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.

4 Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!

5 Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.

6 Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò.

7 Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.

8 Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome;

9 ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo nu.

10 Ne Yehowa, wò Mawu, kple wò va anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob bena, yeatsɔe na wò dzi, afisi du gã nyui, siwo menye wòe tso wo o la le,

11 eye xɔwo yɔ fũ kple nu nyui, siwo menye wòe de wo me o, afisi vudo, siwo menye wòe ɖe wo o, kple weingble kpakple amitibɔ, siwo menye wòe tso wo o la le, eye nèɖu nu ɖi ƒo la,

12 ekema kpo nyuie, bena mãgaŋlɔ Yehowa, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me, le Egipte-nyigba dzi la be o.

13 Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.

14 Migadze dukɔ, siwo ƒo xlã mi la, ƒe mawuwo yome o.

15 Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.

16 Migate Yehowa, mia Mawu la kpo, abe alesi mietee kpɔ le Masa la ene o;

17 ke boŋ miwo Yehowa, mia Mawu, ƒe sewo, eƒe ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo, siwo wògblɔ na mi la dzi.

18 Wɔ nusi dzɔ, eye wònyo le Yehowa ŋku me, bena eme na-nyo na wò, eye nayi aɖaxɔ anyigba nyui, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo la,

19 eye Yehowa anyã wò futɔwo katã le ŋgɔwò, abe alesi wòdo ŋugbe ene.

20 Ne viwò ava bia wò gbaɖegbe bena: Nukata Yehowa, mía Mawu, gblɔ ɖaseɖiɖi, ɖoɖo kple se siawo na mi hã la,

21 ekema gblɔ na viwò bena: Míenye kluviwo na Farao le Egipte kpɔ, eye Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso Egipte,

22 eye Yehowa wɔ dzesi kple nukunu gã dziŋɔwo le Egipte, ɖe Farao kple eƒe aƒe blibo la ŋu miekpɔ;

23 ke èkplɔ miawo va tso afima, bena wòakplɔ mi ayii, ne wòatsɔ anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na mía fofowo la na mí.

24 Eye Yehowa de se na mi bena, míawɔ ɖoɖo siawo katã dzi, míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu la, bena wòanyo na mí ɣesiaɣi, ne mianɔ agbe, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

25 Ne mielé se siawo katã me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi, abe alesi wòɖe se na mi ene la, woabui dzɔdzɔenyenye na mi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan