Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wogbugbɔ gagblɔ Mawu ƒe se ewoawo.

1 Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!

2 Yehowa, mía Mawu, bia nu kpli mí le Xoreb gbɔ.

3 Menye mía fofowoe Yehowa bia nu sia kpli o, ke boŋ mí, amesiwo katã le agbe le afisia egbe lae.

4 Yehowa ƒo nu kpli mi ŋku me kple ŋku me le to la gbɔ tso dzo me,

5 eye menɔ mia kple Yehowa dome ɣemaɣi, bena magblɔ Yehowa ƒe nyawo na mi, elabena miele dzo lã vɔ̃m, eye mieha to la o. Eye wògblɔ bena:

6 Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.

7 Mawu bubua ɖeke megana asiwò kpe ɖe ŋunye o.

8 Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò ɖe nusiwo le dziƒo afime kple anyigba dzi afi kpakple tsiwo me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme ŋu o.

9 Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;

10 ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wòwɔa nye sewo dzi la nu.

11 Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakatsyɔ o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔ eƒe ŋkɔ yakatsyɔ la o.

12 Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe, abe alesi Yehowa, wo Mawu, de se na wò ene.

13 Ŋkeke adee nawɔ do, eye nawɔ ŋuwò dɔwo katã;

14 ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu o, eɖanye wò nyitsu, wò tedzi, wò lãwo katã alo amedzro, si dze wò du me la o, bena wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu nagbɔ ɖe me abe wò ŋuta ke ene.

15 Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu, tso asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kplɔ wò tso afima; eyata Yehowa, wò Mawu, de se na wò be, nadzra dzudzɔgbe la ɖo.

16 Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.

17 Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.

18 Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o, eye hawòvi ƒe aƒe kple eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu kple eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu kple eƒe tedzi kpakple nusianu, si nye hawòvi to la, ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.

19 Nya siawo Yehowa gblɔ kple gbe sesẽ tso to la dzi na miaƒe ameha blibo la le dzo, alilikpo kple viviti me, eye megagblɔ ɖeke kpe ɖe wo ŋu o, eye wòŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi hetsɔ nam.

20 Esi miese gbea tso vivitia me, eye dzo de dzi le to la ŋu miekpɔ la, tete miaƒe toawo ƒe amegãwo kple ame tsitsiwo va gbɔnye,

21 eye wogblɔ bena: Yehowa, mía Mawu, na miekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye, eye miese eƒe gbe tso dzo la me; egbe miekpɔ bena, Mawu ƒo nu kple amegbetɔ tso wogale agbe.

22 Ke nukaŋuti miaku azɔ? Elabena dzo gã sia afiã mi; nenye be, míegale Yehowa, mía Mawu, ƒe gbe sem ko la, míava ku.

23 Elabena ameka le ŋutilãwo katã dome, si se Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo me kpɔ abe miawo ene gatsi agbe?

24 Te yi, ne nase nya, siwo katã Yehowa, mia Mawu, le gbɔgblɔge na mí la, eye nagblɔ nya, siwo katã Yehowa, mía Mawu, gblɔ na wò la, na mí; ekema míasee, eye miawɔ wo dzi.

25 Eye Yehowa se nya, siwo miegblɔ nam la, eye Yehowa gblɔ nam bena: Mese nya, siwo katã dukɔ sia gblɔ na wò la, wogblɔ wo katã ɖe eteƒe.

26 Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye wòalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanye na wo kple wo viwo!

27 Yi nagblɔ na wo bena: Migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo gbɔ!

28 Ke wò la tsi gbɔnye afisia, ne magblɔ seawo katã kple ɖoɖoawo kpakple kɔnuawo, esiwo nafia wo la, na wò, bena woawɔ wo dzi le anyigba, si matsɔ na wo wòanye wo tɔ la dzi.

29 Milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mi ene, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o;

30 mito mɔ, si Yehowa, mia Mawu, ɖo na mi la, bena mianɔ agbe, eye wòanyo na mi, eye mianɔ anyigba, si xɔ ge míala wòanye mía tɔ la dzi, eteƒe nadidi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan