Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuxɔxlɔ̃ bena toɖoɖo se la.

1 Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.

2 Migatsɔ nyaa ɖeke kpe se, siwo ɖe ge mala na mi la o, eye migaɖe ɖeke le edzi o; ke boŋ miwɔ Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo de ge mala na mi la dzi.

3 Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome,

4 ke mi, amesiwo ku ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu la, mietsi agbe va do egbee.

5 Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.

6 Milé ŋku ɖe wo ŋu, eye miawɔ wo dzi, elabena woawo nye miaƒe nunya kple gɔmesese le dukɔwo ŋku me, amesiwo ne wose ɖoɖo siawo katã la, woagblɔ bena: Ahã, dukɔ sia enye ame nyanuwo kple nugɔmeselawo vava!

7 Elabena dukɔ gã kae li, si ƒe mawuwo tsɔ ɖe egbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, tsɔ ɖe mía gbɔ ene, ne mienyã yɔe ko?

8 Eye dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋku me egbea ene?

9 Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.

10 Eye megaŋlɔ gbesigbe netsi tre ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le Xoreb gbɔ la be o, esime Yehowa gblɔ nam be: Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena wòase nye nyawo, ne wòanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.

11 Tete miete va, eye mietsi tre ɖe to la te, eye dzo de dzi le to la ŋu ɖase dziƒo ke, alilikpo do, eye viviti tsyɔ.

12 Eye Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo la me, miese gbeɖiɖi, gake miekpɔ nɔnɔmea ɖeke o, negbe gbe ko miese.

13 Eka eƒe nubabla la ta na mi, si enye se ewo, siwo wòde, be miawɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi.

14 Eye Yehowa de se nam ɣemaɣi bena, mafia ɖoɖoawo kple seawo mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.

15 Eyata mikpɔ miaƒe agbe ta nyuie, elabena miekpɔ nɔnɔmea ɖeke le gbesigbe Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo me le Xoreb gbɔ la o;

16 ne miagawɔ vɔ ayi legba wɔ ge na mia ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔmea ɖeke o;

17 eɖanye anyigba dzi lãfɔne alo xe dzodzoe, si le dziƒoa te la, ƒe nɔnɔme o;

18 eɖanye anyigba dzinu tata alo lã, si le tɔ me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme o,

19 eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.

20 Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

21 Eye Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye ka atam bena, nyematso Yordan ayi anyigba nyui, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge, wòanye wò domenyinu la dzi o;

22 ke boŋ maku le anyigba sia dzi, eye nyemagatso Yordan o; ke miawo mitsoe, eye miaxɔ anyigba nyui sia wòanye mia tɔ.

23 Eyata mikpɔ nyuie, ne miagaŋlɔ nusi Yehowa, mia Mawu bia kpli mi la be o, eye migawɔ legba alo nusiwo Yehowa, wò Mawu, tsri na mi la, ƒe nɔnɔmea ɖeke na mia ɖokui o.

24 Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.

25 Ne miedzi viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye anyigba ma ɖo na mi, eye miewɔ vɔ̃ hewɔ legba alo nua ɖe ƒe nɔnɔme, eye miewɔ nusi medze Yehowa, mia Mawu, ŋu o hedo dɔmedzoe ne la,

26 ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.

27 Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.

28 Eye miasubɔ mawuwo le afima, esiwo amegbetɔwo tsɔ ati kple kpe wɔe, womekpɔa nu o, eye womesea nu o, womeɖua nu o, eye womeʋẽa nu sena o la.

29 Ne miedi Yehowa, mia Mawu, le afima la, míakpɔe, nenye be, miedi eyome mɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ko.

30 Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema atrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye aɖo to eƒe gbe;

31 elabena Yehowa, wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla wònye, maɖe asi le ŋuwò alo agblẽ wò o, eye maŋlɔ nubabla, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo la be o.

32 Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?

33 Ɖe dukɔa ɖe se Mawu ƒe gbe tso dzo me, abe alesi nèsee ene, hetsi agbe kpɔa?

34 Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?

35 Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;

36 Ena nèse eƒe gbe tso dziƒo, bena wòafia nu wò, eye wòna nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe gbe tso dzo la me.

37 Elabena elɔ̃ fofowòwo, eyata wotia wo megbeviwo, eye eya ŋutɔ kpamkpam tsɔ eƒe ŋusẽ gã kplɔ wò tso Egipte,

38 eye wonyã dukɔ gã, siwo sesẽ wu wò la, le ŋgɔwò, bena yeakplɔ wò ayii, atsɔ woƒe anyigba na wò wòanye wò domenyinu, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

39 Eyata nyae egbea, eye wòaɖe dzi gbɔ na wò bena, Yehowa enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;

40 eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


Woɖo sitsoƒedu etɔ̃ le Yordan godo.

41 Eye Mose tia du etɔ̃ le ɣemaɣi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome,

42 bena ne amea ɖe mebua wu xɔlɔ̃via o, eye melé fui hafi o la, ne wòasi ayi afima, wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe.

43 Bezer le gbegbe le gbadzaƒenyigba dzi, si nye Ruben-viwo tɔ, kple Ramot le Gilead, si nye Gad-viwo tɔ, kpakple Golan le Basan, si nye Manase-viwo tɔ.

44 Esia nye se, si Mose tsɔ ɖo Israel-viwo ŋku me.

45 Esiawo nye ɖaseɖiɖi kple ɖoɖo kpakple se, siwo Mose gblɔna Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte,

46 le Yordan ƒe go keme dzi, le tagba le Bet-Peor kasa, le Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la, ƒe anyigba dzi, amesi Mose kple Israel-viwo si, le esime woʋu tso Egipte.

47 Eye woxɔ eya kple Og, Basan-fia, siwo nye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ƒe anyigba le Yordan godo, le ɣedzeƒe gome, wòzu wo tɔ;

48 tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Sion, si nye Xermon-to la gbɔ,

49 kpakple tagba blibo, si le Yordan ƒe go keme dzi, le ɣedzeƒe gome vaseɖe tagbaƒu la gbɔ, le Pisga ƒe aganu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan