5 Mose 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mose ƒe yayra mamietɔ kple nyagblɔɖi le to wuieveawo ŋuti. 1 Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku. 2 Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo. 3 Elɔ̃ dukɔwo, eye eƒe ame kɔkɔewo katã le esi me. Wodze wò afɔ yome, eye netsɔ wò nya kplɔ wòe. 4 See Mose ɖe na mi, si nye Yakob-ha la ƒe domenyinu. 5 Eyae nye fia le Yesurun, le esime dukɔ la ƒe tatɔwo ƒo ƒu kpe ɖe Israel-toawo ŋu. 6 Ruben anɔ agbe, maku o, eye eƒe amewo manya xlẽ o. 7 Yuda ƒe yayra enye si. Eye wògblɔ bena: Yehowa, se Yuda ƒe gbe, eye gakplɔe va eƒe dukɔ gbɔ! Tsɔ wò asi wɔ aʋa ɖe eta, eye naxɔe tso eƒe futɔwo si! 8 Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ. 9 Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi. 10 Woawoe fiaa wò ɖoɖowo Yakob kple wò se la Israel; woawoe tsɔa dzudzɔdonu ɖoa wò ŋɔti nu, eye wotsɔa vɔsa blibo ɖoa wò vɔsamlekpui la dzi. 11 Yehowa, yra eƒe ŋusẽ, eye na eƒe asinudɔwo nadze dzi nɛ! Gbã ali na eƒe futɔwo kple eƒe ketɔwo yaʋayaʋa, ne womagatsi tre o! 12 Eye wògblɔ le Benyamin ŋu bena: Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe, anɔ egbɔ dedie, eya akpɔ edzi ɣesiaɣi, eye wòanɔ eƒe abɔta. 13 Eye wògblɔ le Yosef ŋu bena: Yehowa ayra eƒe anyigba kple dziƒonu xɔasiwo kple zãmu kpakple anyigbatu me tsiwo. 14 Ayrae kple kutsetse xɔasi, siwo ɣe na woɖina, kple kutsetse xɔasi, siwo ɣleti na wowɔna. 15 Ayrae kple nusiwo tso blema-towo dzi kple nu vevi, siwo wɔna le blema-togbɛwo dzi, 16 kpakple anyigba dzi nu xɔasiwo woasɔ gbɔ! Eye amesi le ŋuvekɔe me la ƒe amenuveve ava Yosef ƒe ta dzi kple nɔviawo ƒe amegã ƒe dzodome. 17 Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo. 18 Eye wògblɔ le Zebulon ŋu bena: Zebulon, wò mɔzɔzɔ nedzɔ dzi na wò, eye wò Isaxar, kpɔ dzidzɔ le wò aƒenɔnɔ ŋu! 19 Wokpe dukɔwo va to la gbɔ, afisi wosa vɔ vavãtɔwo le, elabena wole ƒu me kesinɔnuwo kple ketu me nu veviwo ɖe ge. 20 Eye wògblɔ le Gad ŋu bena: Woakafu amesi na nɔƒe keke Gad! Etsyɔ akɔ anyi abe dzatanɔ ene, eye wòvuvu abɔ kple ta. 21 Ekpɔ anyigba nyuitɔ da ɖi, si wodzra ɖo ɖi na aʋakplɔla. Enɔ dukɔ la nu yi kpli wo, be wòawɔ nusi dze Yehowa ŋu, eye eya kple Israel wowɔ eƒe ɖoɖowo dzi. 22 Eye wògblɔ le Dan ŋu bena: Dan enye dzatavi, si ti kpo tso Basan. 23 Eye wògblɔ le Naftali ŋu bena: Nu nyuiwo asɔ gbɔ ɖe Naftali si, Yehowa ƒe yayra anɔ edzi fũ, eye axɔ ɣetoɖoƒe kple dziehenyigba wòanye etɔ. 24 Eye wògblɔ le Aser ŋu bena: Woayra Aser le viŋutsuwo dome! Eƒe nu anyo nɔviawo ŋu, eye wòatsɔ eƒe afɔ ade ami me! 25 Wò gametiwo nye gayibɔ kple akɔbli, eye akpɔ dzudzɔ le wò agbe me ŋkekewo katã me. 26 Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me. 27 Blema-Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afi. Enyã futɔwo le ŋgɔwò, eye wògblɔ be: Mitsrɔ̃ wo! 28 Israel, si nye Yakob ƒe vudo la, anɔ aga dedie le anyigba, si dzi bli kple wein le, afisi zãmu dzana tso dziƒo ɖo. 29 Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana