Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose fe hadzidzi.

1 Miɖo to, mi dziƒowo, mele nu ƒo ge, eye anyigba, se nye numenyawo!

2 Nye nufiafiawo le ɖuɖu ge abe tsidzadza ene, eye nye nyawo le dzadza ge abe zãmu ene; wole abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, eye wole abe tsie tso ka ɖe amagbe dzi ene.

3 Elabena mele Yehowa ƒe ŋkɔ kafu ge, mide bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu!

4 Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.

5 Wowɔ nu tovo ɖe eŋu ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o; dzidzime baɖa kple ame gbegblẽwo wonye!

6 Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.

7 Ɖo ŋku gbaɖegbe dzi, eye nabu lãme le blematɔwo ŋu; bia fofowò, ne wòato nya na wò, eye bia wò amegã ɖeɖiwo, ne woagblɔe na wò!

8 Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.

9 Elabena Yehowa tɔ enye eƒe dukɔ, eye Yakob enye domenyinu, si wòmã nɛ.

10 Ebe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.

11 Alesi hɔ̃ dea dzo viawo me ɖe dzodzo ŋu, eye wosa agba ɖe viawo dzi, ekekea eƒe aʋalawo hekɔ wo, eye wotsɔ wo ɖe eƒe aʋalawo dzi la,

12 nenema Yehowa ɖeɖe kplɔe, eye mawu bubua ɖeke mekpe ɖe eŋu o.

13 Ekplɔe, wonyã avuzi le anyigbawo dzi, eye wòna woɖu gbemekutsetsewo. Ena anyitsii tso agakpe la me wono kple amii tso kpekui sesẽwo me.

14 Ena nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsii hekpe ɖe alẽviwo kple agbowo, Basan-nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe amiwo ŋu. Ena bli dokuwoe, eye wòna wein nyuitɔe wòno.

15 Yesurun ɖa ami, eye wòda afɔkli. Eye esi nèda ami klã, eye nèkpɔ lãme la, egblẽ Mawu, si wɔ wò la ɖi, eye nedo vlo agakpe, si nye wò xɔxɔ.

16 Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ.

17 Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.

18 Eɖe ŋu ɖi le agakpe, si dzi wò la ŋu, eye nèŋlɔ Mawu, si ƒe dɔme nèdzɔ tso la be.

19 Esi Yehowa kpɔ esia la, edo dɔmedzoe, eye wogbe viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo

20 hegblɔ bena: Maɣla nye ŋku me ɖe wo, ne makpɔ nusi ava dzɔ ɖewo dzi. Elabena dzidzime tovo kple vi maɖianukwarewo wonye.

21 Wotsɔ mũ maɖimawuwo ɖe ŋuʋaʋã menye, eye wotsɔ woƒe legbawo do dziku nam. Eyata nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo ade ŋuʋaʋã wo me, eye matsɔ dukɔ baɖawo ado dziku na wo.

22 Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.

23 Mala dzagbevɔ̃ewo katã ali kɔ ɖe wo dzi, eye mada nye aŋutrɔwo katã ɖe wo ŋu.

24 Dɔ awu wo aɖi tsi de wo ŋu, eye asrã kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo; madɔ lãwo ƒe aɖu kple nutata, siwo tana le ké me la, ƒe aɖi ɖe wo ŋu.

25 Yi aɖu nu le gota, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, vidzĩewo kple amegã taɣìwo siaa.

26 Megblɔ be: Maɖo ƒuƒu ɖe wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le amegbetɔwo dome hafi,

27 ɖe menye ɖe mele vɔvɔ̃m be, futɔwo ado dziku nam o, eye woƒe ketɔwo aƒo adegbe agblɔ bena: miaƒe abe de dzi, eye menye Yehowae wɔ nu siawo katã o!

28 Elabena dukɔ, si dome adaŋudede mele o, eye nyasãa ɖeke mele wo me o la wonye.

29 Ɖe wònye nunyalawo wonye la, ne wodze si nusia, eye ne wobu nusi ava dzɔ de wo dzi la ŋu.

30 Aleke ame ɖeka ate ŋu anyẽ ame akpe, eye ame eve ale ŋu aɖe ame akpe ewo ɖe nu, ne menye woƒe agakpee tsɔ wo dzra, eye ne menye Yehowae tso wo de asi o?

31 Elabena woƒe agakpe mede miaƒe agakpe nu o, miaƒe futowo ŋutɔ nyenyametsolawo.

32 Woƒe weinkawo nye Sodom-weinkawo, eye Gomora-gblewo me wotso. Woƒe weintsetsewo nye aɖi, eye wo me tsi vena.

33 Woƒe wein enye da ƒe aɖi kple ƒli ƒe veve.

34 Alo womedzra nusia ɖo ɖe gbɔnye oa, eye woɖo ŋkɔ edzi le nye nuwo dome oa?

35 Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.

36 Elabena, ne ekpa be, ŋusẽ vo le wo ŋu, eye ame tsitsiwo kple ɖeviwo megali o la, adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ, eye wòave eƒe dɔlawo nu

37 Eye woabia bena: Afika woƒe mawuwo le, eye afika agakpe, si ŋu wole ŋu ɖom ɖo la le?

38 Miaƒe vɔsa ƒe amiɖulawo kple miaƒe nunovɔsa ƒe weinnolawo netsi tre, ne woaxɔ na mi, eye woakpɔ mia ta!

39 Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.

40 Elabena meɖo nye asi ɖe dziƒo gblɔ bena: Mele agbe tegbee!

41 Ne menyre nye yi dadzo la, eye meɖe asi ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, ekema mabia hiã nye futowo, eye maɖo teƒe na nye ketɔwo.

42 Mana nye aŋutrɔwo nano ʋu amũ, eye nye yi naɖu lã; ame tsiaʋawo kple aboyomewo ƒe nue, futɔwo kplɔlawo ƒe tatɔwo ƒe lae!

43 Mi dukɔwo mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu, elabena ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dolawo ƒe ʋu nu; ebia hlɔ̃ eƒe futowo, eye wòlé avu na eƒe anyigba kple eƒe dukɔ!

44 Eye Mose kple Yosua, Nun vi, va gblɔ ha sia ƒe nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me.

45 Esi Mose gblɔ nya siawo katã na Israel blibo la vɔ la,

46 egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.

47 Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.

48 Eye Yehowa gblɔ na Mose gbemagbe bena:

49 De Abarim-towo dzi, eye nalia Nebo-to, si le Moab-nyigba dzi le Yerixo kasa, eye nakpɔ Kanaan-nyigba, si tso ge mala na Israel-viwo wòanye wo tɔ la ɖa.

50 Eye naku te to, si dzi nede la dzi, eye nayi tɔgbuiwòwo gbɔ, abe alesi nɔviwò Aron ku le Xor-to la dzi heyi tɔgbuiawo gbɔ ene.

51 Elabena miedi anukware nam le Israel-viwo dome le dzrewɔtsi la gbɔ le Kades le Zin-gbedzi o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo dome o.

52 Anɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa, ke maɖe anyigba, si mele Israel-viwo na ge la dzi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan