Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mose ɖe asi le eƒe dɔ ŋu, eye wotsɔe de asi na Yosua.

1 Tete Mose yi ɖagblɔ nya siawo na Israel blibo la,

2 eye wògblɔ na wo bena: Ƒe alafa ɖeka blave enye si mexɔ egbe sia, nyemate ŋu agado o, eye nyemate ŋu agava me o. Yehowa gblɔ nam bena, nyematso Yordan sia o,

3 eye Yehowa, wò Mawu ŋutɔ adze ŋgɔwò, atsrɔ̃ dukɔ siawo le ŋkuwò me, be naxɔ woƒe anyigba; Yosua adze ŋgɔwò, abe alesi wòdo ŋugbe ene.

4 Yehowa awɔ wo, abe alesi wòwɔ Sixon kple Og, amesiwo nye Amoritɔwo ƒe fiawo, kple woƒe anyigbawo, eye wotsrɔ̃ wo ene.

5 Ne Yehowa tsɔ wo ɖe asi le mia ŋku me la, ekema miwɔ wo pɛpɛpɛ ɖe se, siwo mede na mi la nu.

6 Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o

7 Eye Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israel blibo la ŋku me bena: Lé dzi ɖe ƒo, eye sẽ ŋu, elabena wòe le dukɔ sia kplɔ ge ayi anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na wo la dzi, eye wòe le emã ge na wo.

8 Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔ-wò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.

9 Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.

10 Eye Mose de se nawo gblɔ bena: Le ƒe adre sia ƒe adre, ɣeyiɣi, si me wotsɔa fe kena, le agbadɔŋkekenyuie la dzi,

11 ne Israel blibo la va, be wòado ɖe Yehowa, wò Mawu ŋku me le teƒe, si wòatia la, ekema naxlẽ se sia ɖe Israel blibo la ƒe to me.

12 Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.

13 Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne wòanya, alesi woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ŋkeke alesi miele agbe le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.

14 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, wò kuɣi le aƒe tum; yɔ Yosua, eye mia kplii míatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, ne maɖe se nɛ. Eye Mose kple Yosua woyi ɖatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ.

15 Tete Yehowa ɖe eɖokui fia le agbadɔ la me le alilikpo dodoa ɖe me, eye alilikpo dodo la nɔ agbadɔ la ƒe ʋɔtru tame.

16 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.

17 Eye mado dɔmedzoe ɖewo ŋu ɣemaɣi, magblẽ wo ɖi, eye maɣla nye ŋku me ɖe wo, be woatsrɔ̃ wo, dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe ava wo dzi; tete woagblɔ le ɣemaɣi bena: Menye esi Yehowa mele mia dome o la, vɔ̃ sia va mia dzi ɖo oa?

18 Ke maɣla nye ŋku me ɣemaɣi le vɔ, siwo katã wowɔ hedze mawu bubuwo yome la ta.

19 Azɔ miŋlɔ ha sia, eye nafiae Israel-viwo; tsɔe de nu na wo, bena ha sia nanye ɖase le mía kple Israel-viwo dome.

20 Elabena makplɔ wo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye woaɖu nu aɖi ƒo, akpɔ lãme, emegbe wòadze mawu bubuwo yome asubɔ wo, ke nye la wòado vlom, eye woatu nye nubabla la.

21 Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.

22 Eye Mose ŋlɔ ha sia gbemagbe, eye wòfiae Israel-viwo.

23 Eye wòde se na Yosua, Nun vi, gblɔ bena: Lé dzi ɖe ƒo, eye sẽ ŋu, elabena wòe akplɔ Israel-viwo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ anyi kpli wò.


Lewitɔwo xɔ segbalẽ la.

24 Esi Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo ɖe agbalẽ me vɔ keŋ la,

25 Mose de se na Lewitɔwo, amesiwo nye Yehowa ƒe nubablaɖakatsɔlawo bena:

26 Mitsɔ segbalẽ sia ɖa ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ɖase anɔ afima

27 Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?

28 Miƒo miaƒe towo ƒe ame tsitsiwo katã kple mia dzikpɔlawo nu ƒu ɖe gbɔnye, ne magblɔ nya siawo ɖe woƒe to me, eye mata dziƒo kple anyigba na wo.

29 Elabena menyae bena, miele gbegblẽ ge ɖe dzi le nye ku megbe, eye miate ɖa le mɔ, si metia mi la dzi, eye dzɔgbevɔ̃e ava mia dzi emegbe, le esi miewɔ vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mietsɔ miaƒe asiwo wɔ nu hedo dziku nɛ ta.

30 Eye Mose gblɔ ha sia ƒe nyawo ɖe mii keŋkeŋ ɖe Israel-ha blibo la ƒe to me bena:

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan