5 Mose 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dzimetrɔlawo akpɔ amenuveve kpi yayra, tosẽlawo akpɔ fiƒode kple tohehe. 1 Ne nya siawo katã ava dzo ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, tsiwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye wode dzigbɔ na wò le dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, nyã wò ɖo ɖo, 2 eye metrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, eye mia kple viwòwo mieɖo to eƒe gbe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, abe alesi mede se na mi ene la, 3 ekema Yehowa, wò Mawu, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le dziwò, eye wòave nuwo, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, kaka mi ɖo la gbã. 4 Ne miekaka ɖase dziƒo seƒe ke hã, Yehowa aƒo mia nu ƒu tso afima, eye wòakplɔ mi tso afima. 5 Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò va anyigba, si fofowòwo xɔ la dzi, eye naxɔe wòanye tɔwo; awɔ nyuie na wò, eye wòana nadzi ɖe dzi wu fofowòwo. 6 Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe. 7 Yehowa, wò Mawu, ana fiƒode siawo katã nava wò futɔ kple wò ketɔ, siwo le yowòme tim la dzi. 8 Ke wò la gaɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se, siwo katã mede na wo egbe la dzi. 9 Eye Yehowa, wò Mawu, ana nusiwo katã newɔna, wò dɔmeviwo, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenuwo kpakple wò kesinɔnuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòawɔ nyuie na wò, abe alesi wòkpɔ dzidzɔ le fofowòwo ŋu ene. 10 Elabena èɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nèle se kple ɖoɖo, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu tso wò dzi blibo kple luʋɔ blibo me. 11 Elabena se, si mede na wò egbe la, menye nya masegɔmea wònye o, eye mele didiƒe tso gbɔwò o. 12 Mele dziƒo, ne woagblɔ be: ameka ade dziƒo atsɔe vɛ na mí, be míase, ne míawɔ edzi o. 13 Eye mele ƒu godo, ne woagblɔ be: ameka atso ƒu ayi atsɔe vɛ na mi, be míase, ne miawo edzi o. 14 Ke boŋ nya la tso ɖe gbɔwò kpuie, ele wò nu me kple wò dzi me, be nawɔ edzi. 15 Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyuie, ku kple dzɔgbevɔ̃e ɖo ŋkuwò me egbe. 16 Ne èse Yehowa, wò Mawu ƒe se, siwo mede na wò egbe, eye nèlɔ Yehowa, wò Mawu la, nèzɔ eƒe mɔwo dzi, eye nèle eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema anɔ agbe, eye adzi ɖe dzi, eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe la dzi. 17 Ke ne wò dzi gbugbɔ, eye meɖo to o, eye nena woɖu wò nède ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la, 18 ekema mele egblɔm na mi egbea bena, miatsrɔ̃ avɔ kokoko, eye mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi miele Yordan tso ge ayi, be míaxɔe la dzi o. 19 Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, 20 eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana