5 Mose 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woɖu Og, Basan-fia dzi. 1 Eye mietrɔ dze mɔ ɖo ta Basan. Tete Og, Basan-fia, kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Edrei. 2 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Megavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba ade asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene. 3 Tete Yehowa, mia Mawu, tsɔ Og, Basan-fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mí, eye míesii, ale be amea ɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. 4 Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye dua ɖeke mesusɔ, si miexɔ le esi o; ɖu blaade, siwo le Argob-nyigba blibo la dzi, si enye Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe. 5 Du siawo katã sesẽ, wo ŋu gliwo kɔ, eye wode agbo kple gameti wo nu, hekpe ɖe kɔƒe geɖe, siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la ŋuti. 6 Eye mietsrɔ̃ du sia ɖu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple vidziewo, abe alesi mietsrɔ̃ fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene. 7 Ke mieha lãwo katã kple aboyonuwo le duawo me na mía ɖokui. 8 Ale míexɔ anyigba le Amoritɔwo ƒe fia eveawo si ɣemaɣi le Yordan ƒe go keme dzi, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ, — 9 Sidonitɔwo yɔ Xermon bena Siryon, ke Amoritɔwo yɔe bena Senir — 10 du, siwo katã le tagba kple Gilead blibo la kpakple Basan blibo la vaseɖe Salxa kple Edrei; du siawo nɔ Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me. 11 Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene. Wòmã anyigba, si le Yordan ƒe ɣedzeƒe la me. 12 Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo; 13 eye metso Gilead ƒe akpa mlɔea kple Basan blibo la, si enye Og ƒe fiaɖuƒe hekpe ɖe Argob-nyigba blibo la ŋu, na Manase ƒe to afã; woyɔa Basan blibo la bena ame dzɔtsuwo ƒe anyigba. 14 Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee. 15 Metsɔ Gilead na Maxir. 16 Eye metsɔ anyigba na Ruben-viwo kple Gad-viwo tso Gilead vaseɖe Arnon-tɔʋu la nu; woƒe liƒo tso tɔʋu la ƒe go ɖeka vaseɖe Yabok-tɔʋu, si enye Amon-viwo ƒe liƒo la nu 17 hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome. 18 Ɣemaɣi meɖe se na mi bena: Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne wòanye mia tɔ; mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ; 19 negbe mia srɔ̃wò kple miaƒe vidzĩewo kpakple miaƒe lãwo ko natsi miaƒe ɖu, siwo mena mi la me, elabena menyae be, lã geɖe le mia si, 20 vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi. 21 Eye mede se na Yosua ɣemaɣi bena: Wò ŋutɔ èkpɔ nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, wɔ fia eve siawo, eye alea ke Yehowa awɔ fiaɖuƒe, siwo katã dzi yim nèle lae. 22 Megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, mia Mawue le aʋa wɔm na mi! Mose migava anyigba la dzi o. 23 Tete meƒo koko na Yehowa ɣemaɣi bena: 24 Oo, Aƒetɔ, Yehowa, wò ŋutɔ ede asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ fiafia me wò dɔla, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi ate ŋu awɔ wò dɔwɔwɔwo kple ŋusẽ-nuwɔwɔwo tɔgbe? 25 Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo kple to nyui siawo kpakple Libanon! 26 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le mia ta, eye meɖo tom o; ke boŋ Yehowa gblɔ nam bena: Esɔ gbɔ, megaƒo nu kplim le nya sia ŋuti azɔ o. 27 De Pisga-to tame, eye natɔ kɔ dzi atsɔ wò ŋkuwo akpɔ ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; elabena mele Yordan sia tso ge o. 28 De gbe asi na Yosua, ɖe dzi ƒo nɛ, eye nado ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ ayi, eye wòamã anyigba, si kpɔm nèle la, na wo. 29 Eye míetsi bali la me le Bet-Peor kasa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana