Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nubabla gbugbɔigagblɔ.

1 Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Miekpɔ nusi Yehowa wo le mia ŋku me ɖe Farao kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe dukɔ blibo la ŋu le Egipte-nyigba dzi,

2 eye miekpɔ nutsuwɔwɔ, dzesi kple nukunu gã mawo.

3 Ke Yehowa mena dzi mi, be miase nu gɔmee, mena ŋku mi, be míakpɔ nui, eye mena to mi, be miase nui vaseɖe egbe o.

4 Mekplɔ mi to gbedzi ƒe blane sɔŋ; ava mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa mevuvu le afa na mi o.

5 Miekpɔ abolo ɖu o, eye mieno wein alo aha mũamea ɖeke o, ne miadze su be, nyee nye Yehowa, mia Mawu.

6 Eye esi mieva teƒe sia la, Sixon, Xesbon-fia kple Og, Basan-fia ho aʋa ɖe mia ŋuti, ke miesi wo,

7 eye miexɔ woƒe anyigba hetsɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo ƒe to afã, bena wòanye woƒe domenyinu.

8 Eyata milé nubabla sia ƒe nyawo me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena nusianu, si miawɔ la, nadze dzi na mi.

9 Mi katã miele tsitre ɖe Yehowa, mia Mawu ŋku me egbe, miaƒe towo ƒe amegãwo, miaƒe ame tsitsiwo, mia dzikpɔlawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã,

10 miaƒe vidzĩewo, mia srɔ̃wo kple ame-dzro, si le miaƒe asaɖa me, miaƒe nakefɔla kple tsidula siaa,

11 bena naɖo Yehowa, wò Mawu ƒe nubabla kple atam, si Yehowa, wò Mawu, ka na wò la me egbe;

12 ne wòaɖo wò egbe nanye eƒe dukɔ, eye eya nanye wò Mawu, abe alesi wòdo ŋugbe na wò kple alesi wòka atam na fofowò Abraham, Isak kple Yakob la ene.

13 Menye miawo ɖeɖe mebia nusia kpli o, eye menye miawo ɖeɖe meka atam sia na o,

14 ke boŋ amesiwo le tsitre ɖe afisia kpli mí le Yehowa, mía Mawu ŋku me egbea, kpakple amesiwo mele afisia kpli mí egbea o la siaae.

15 Elabena mia ŋutɔwo mienyã, alesi mieno Egipte-nyigba dzi kple alesi mieto dukɔdukɔwo domee,

16 eye miekpɔ woƒe ŋunyɔnuwo kple legbawo, siwo nye ati, kpe, klosalo kple sika la, le wo gbɔ.

17 Ɖeko ŋutsu alo nyɔnu, ƒome alo toa ɖeke meganɔ mia dome, si ƒe dzi atrɔ le Yehowa, mía Mawu la yome egbea o, eye miaƒe kèa ɖeke meganɔ anyi anye aɖi kple atsa o;

18 amesi ase fiƒodenya siawo avɔ tso, ade dzi ƒo na eɖokui agblɔ le eƒe dzi me bena; ne mese dzime le yiyim hã, ŋunye afa o, bena ne womagatsrɔ̃ amesi ɖi ko kple amesi tsikɔ le wuwum la siaa o.

19 Yehowa matsɔe akee o, ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ame ma ŋu, eye wòaʋã ŋui; fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, ava edzi, eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.

20 Yehowa aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã me, eye wòana dzɔgbevɔ̃e nava edzi, abe alesi nubabla ƒe fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe sea ƒe agbalẽ me la le ene.

21 Eye ne miaƒe dzidzimevi, siwo ava le mia megbe, kple ɖu bubu me tɔwo, siwo tso anyigba ɖiɖiwo dzi, kpɔ anyigba sia ƒe fuwɔamewo kple dɔléle, siwo Yehowa he va edzi,

22 kple alesi woƒe anyigba fiã hetrɔ zu aŋɔ kple dze, womate ŋu aƒa nu ɖe edzi o, naneke mate ŋu ato ɖo le edzi o, eye gbea ɖeke mate ŋu amie ɖe edzi o, abe Sodom kple Gomora, Adma kple Zeboyim, siwo ŋu Yehowa do dɔmedzoe kple dziku ɖo hetrɔ bu anyi ene la, ekema woaƒo nu le eŋu,

23 eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?

24 Tete woaɖo ŋu be: Esi wotu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe nu, si wòbia kpli wo, le esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi,

25 eye woyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na mawu, siwo womenya o, eye metsɔ wo na wo o ŋuti la,

26 eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe anyigba ma ŋu, eye wòhe fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, va wo dzi ɖo.

27 Eyata Yehowa tsɔ dɔmedzoe, dziku kple aɖa ho wo tso woƒe anyigba dzi heƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

28 Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan