Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋkuɖoɖo se dzi kpewo.

1 Eye Mose kple Israel-ame tsitsiwo de se na dukɔ la bena: Lé se, siwo katã mede na wò egbea la me de asi.

2 Gbesigbe nètso Yordan va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, natu kpe gãwo de tsitre, eye nasi akalo na wo.

3 Eye naŋlɔ se sia ƒe nyawo katã de wo dzi gbesigbe neva tɔa godo, bena nade anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ do, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.

4 Ne mietso Yordan la, ekema mitsɔ kpe siawo, siwo ŋu mede se na mi le egbea la, tu de Ebal-to dzi, eye miasi akalo na wo.

5 Eye natsɔ kpe aɖi vɔsamlekpui na Yehowa, wò Mawu la, ɖe afima, ke megatsɔ gakpee fui o.

6 Kpe blibo natsɔ aɖi vɔsamlekpui na Yehowa, wò Mawu la, eye namè numevɔsawo le edzi na Yehowa, wò Mawu la,

7 eye nasa akpedavɔ aɖu nu le afima, eye nakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me.

8 Ŋlɔ se sia ƒe nyawo katã ɖe kpeawo dzi, eme nakɔ nyuie.

9 Eye Mose kple nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo la, gblɔ na Israel blibo la bena: Israel, ɖo to nasee! Egbe nètrɔ zu Yehowa, wò Mawu ƒe dukɔ;

10 eyata ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi!


Fiƒode tso Ebal-to dzi.

11 Eye Mose de se na dukɔ la gbemagbe bena:

12 Amesiwo atsi tre ɖe Gerizim-to dzi ayra dukɔ la, ne mietso Yordan la, wonye: Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar, Yosef kple Benyamin,

13 eye amesiwo atsi tre ɖe Ebal-to dzi aƒo fi ade ame, wonye: Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan kple Naftali.

14 Eye Lewitɔwo nakɔ gbe dzi agblɔ na Israel blibo la bena:

15 Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

16 Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

17 Amesi ŋe ehavi ƒe liƒo ɖe eme la, aɖi ŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo nu be: Neva me nenema!

18 Amesi kplɔ ŋkuagbãtɔ tra mɔe la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

19 Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

20 Amesi de asi fofoa srɔ̃ ŋu la, aɖi eŋu; elabena eklo fofo ƒe avɔ! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

21 Amesi de asi lãa ɖe ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

22 Amesi ɖe asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa alo dadavia ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

23 Amesi ɖe asi lɔ̃xoa ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

24 Amesi wu nɔvia le adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

25 Amesi na woɖae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

26 Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan