Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nya, siwo woagblɔ le ŋgɔgbekutsetsewo kple ewolia tsɔtsɔna mu.

1 Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi, eye nèxɔe hetso aƒe ɖe edzi la,

2 ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,

3 eye nayi nunɔla, si le ɣemaɣi la gbɔ agblɔ nɛ bena Mele eme ʋum na Yehowa, wò Mawu la, egbea be: Meva anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na mí la dzi.

4 Emegbe nunɔla naxɔ kusi la le asiwò atsɔ ɖa ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ.

5 Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.

6 Ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía ŋu, wote mí ɖe anyi, eye wode do sesẽwo asi na mi.

7 Eye esi míedo ɣli yɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, Yehowa ɖo to míaƒe gbe, eye wòkpɔ miaƒe hiã, agbagbadzedze kple fukpekpewo me na mí,

8 eye Yehowa tsa asi sesẽ kple abɔ, si wodo de dzi, nu dzɔtsuwo, dzesiwo kple nukunuwo kplɔ mi tso Egipte,

9 eye wòkplɔ mí va afisia hetsɔ anyigba sia, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí.

10 Azɔ kpɔ ɖa, agblemenu, siwo nenam la, ƒe ŋgɔgbeawo nye esi metsɔ vɛ na wò, Yehowa. Eye natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me ahade ta agu ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me.

11 Eye mia kple Lewito kpakple amedzro, si le gbɔwò la, míakpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa, wò Mawu, na wò kple aƒewò me towo la ŋuti.

12 Ne èƒo wò nuwo katã ƒe ewolia nu ƒu le ƒe etɔ̃lia me vo, eye nètso wo na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, be woaɖu nu aɖi ƒo le wò duwo me la,

13 ekema nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku me bena: Meɖe nu kokoe ɖa le aƒenye me, eye metsɔe na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, abe alesi nede se nam pɛpɛpɛ ene, eye nyemeda wò seawo dzi alo ŋlɔ wo be o.

14 Esi mele fu nyim la, nyemeɖu ɖeke o, ŋunye kɔ hafi meɖee na, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo o; meɖo to Yehowa, nye Mawu ƒe gbe, eye mewɔ, abe alesi nède se nam pɛpɛpɛ ene.

15 Kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nayra wò dukɔ Israel kple anyigba, si nètsɔ na mi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, abe alesi nèka atam na mia fofowo ene.


Toɖoɖo Mawu.

16 Egbe sia Yehowa, wò Mawu, le se dem na wò be, nawɔ ɖoɖo kple se siawo dzi: eyata lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.

17 Eka de dzi na Yehowa egbea bena, eya nye yeƒe Mawu, eye yeazɔ eƒe mowo dzi, yealé eƒe ɖoɖowo, sewo kple kɔnuwo me de asi, eye yeado to eƒe gbe.

18 Eye Yehowa ka de dzi na wò egbea bena, anye eya ŋuta ƒe dukɔ, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, eye nalé eƒe sewo katã me de asi,

19 yeatsɔ wò ado gã de dukɔ, siwo katã wòwɔ la nu hena eƒe kafukafu, bubu kple atsyɔɖoɖo, eye nanye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la, abe alesi wòdo ŋugbe ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan