Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Srɔ̃gbegbalẽ.

1 Ne amea ɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me;

2 eye wòʋu le eƒe me ɖade ŋutsu bubu,

3 eye ŋutsu sia hã lé fui, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me, alo ŋutsu sia, amesi xɔe ɖe, ku la,

4 ekema ŋutsu gbãtɔ, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee woazu srɔ̃ o, elabena wodo ŋunyɔe. Ŋunyɔnu wònye le Yehowa ŋku me, eyata megahe vɔ̃ va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi o.

5 Ne amea ɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, ekema megayi aʋa o, eye womaɖe dɔa ɖeke asi nɛ o, ke boŋ wòanɔ eɖokui si le eƒe me ƒe ɖeka, eye wòado dzidzɔ na srɔ̃, si wòɖe la.


Se vevovowu, vevitɔ ama dahewo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ŋu sewo.

6 Womatsɔ te kple tevi aɖo awɔbae o, elabena agbee nye ekema xɔ ge wòala awɔbae.

7 Ne wole amea ɖe, si fi nɔvia Israel-viwo dometɔa ɖe, eye wòsẽ ŋuta le eŋu hetsɔe dzra la, ekema woawu hafi la Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.

8 Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.

9 Ɖo ŋku nusi Yehowa, wò Mawu, wɔ Miryam le mɔ ta, le esime mieʋu tso Egipte la dzi.

10 Ne èdo nugbana na nɔviwò la, megage ɖe eƒe me atsɔ nane awɔbae o;

11 ke boŋ nɔ xexe, eye amesi do nugbana le asiwò la, natsɔ nu ava ɖo awɔba na wò.

12 Ke nenye ame dahe wònye la, megana awɔbanu la natsi gbɔwò adɔ o.

13 Ke boŋ, ne ɣe ɖo to la, nagbugbɔ awɔbanu la nɛ, bena woate ŋu akpɔ avɔ atsyɔ amlɔ anyii, eye Woayra wò, eye wòatrɔ zu dzɔdzɔenyenye na wò le Yehowa, wò Mawu, ŋku me.

14 Megate fetu ame dahe kple hiãtɔwo o, eɖanye nɔviwò alo amedzro, si le wò anyigba dzi duwo me la dometɔa ɖe o.

15 Gbemagbe ke naxe fe nɛ, eye ɣe megaɖo to ɖee o, elabena ame dahe wònye, eye eya ŋu eƒe ŋku le, ne magayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatrɔ zu fɔɖiɖi na wò o.

16 Megawu fofowo kpe ɖe viwo ŋu o, eye megawu viwo kpe ɖe fofowo ŋu o, ke boŋ amesiame naku ɖe eƒe nuvɔ̃ ta.

17 Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.

18 Ɖo ŋku edzi bena, ènye kluvi kpɔ le Egipte, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle tso afima, eyata mede se na wò be, nawɔ alea ɖo.

19 Ne eŋe nu le wò agble me, eye neŋlɔ bablaa ɖe be ɖe agblea me la, ekema megagbugbɔ yi, be natsɔe o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔwo katã me?

20 Ne ègbe kutsetsewo le wò amiti dzi la, megava tsa le eme ƒiaƒiaƒia o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye.

21 Ne èxa nu le wò weingble me la, megava tsa le eme ƒiaƒiaƒia o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye.

22 Do ŋku edzi be, enye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eyata mede se na wò be, nawɔ alea ɖo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan