5 Mose 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amesiwo woaxɔ ɖe Aƒetɔ ƒe ha me. 1 Amea ɖeke megaɖe fofoa srɔ̃, eye wòaklo fofoa ƒe avɔ o. 2 Amesi wòto voku na, alo wolã kakalikɛ nɛ la, mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o. 3 Ahasivia ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o; kekeke eƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o. 4 Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o, kekeke woƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me gbeɖe o; 5 elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe mi le mɔ dzi, esime mieʋu tso Egipte la o, eye woda Bileam, Beor vi, tso Petor le Mesopotamia ɖe mia ŋu, be wòaƒo fi ade mi. 6 Ke Yehowa, wò Mawu, meɖo to Bileam o, eye Yehowa, wò Mawu, na fiƒode la trɔ zu yayra na wò, le esi Yehowa, wò Mawu, lɔ wò ta. 7 Megadi nyuie alo dzɔgbenyuie na wo le wò agbe me ŋkekewo katã me gbeɖe o. 8 Meganyɔ ŋu Edomitɔ o, elabena nɔviwò wònye, eye meganyɔ ŋu Egiptetɔ o, elabena ènye amedzro kpɔ le eƒe anyigba dzi. 9 Woƒe dzidzimevi etɔ̃lia kpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me. Se vovovowo 10 Ŋe eho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèƒu asaɖa anyi la, ekema kpo nyuie le vɔ̃wo katã ŋu. 11 Ne ŋutsua ɖe le dowòme, amesi nyẽ tsi le zã me, eye eŋu meka o la, ekema wòado le asaɖa la me, eye mekpɔ mo ava asaɖa la me o. 12 Le ɣetrɔ me la wòalé tsi, eye ne ɣe ɖo to la, ekpɔ mɔ ava asaɖa la me. 13 Ɖo agboti ɖe asaɖa godo, afima nade afɔdzi ɖo. 14 Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi. 15 Elabena Yehowa, wò Mawu, le yiyim le wò asaɖa la me, bena woaxɔ na wò, eye wòatsɔ wò futɔwo aɖe asi na wò. Eyata wò asaɖa nanɔ kɔkɔe, ne magakpɔ fenua ɖeke, eye wòatrɔ adzo le gbɔwò o. 16 Ne kluvia ɖe, si le eƒe aƒetɔ gbɔ, va si wò tso la, megakplɔe de asi na eƒe aƒetɔ o. 17 Ke boŋ woatsi gbɔwò le wò duwo dometɔ ɖeka, si dze eŋu wotia la me, eye megatee ɖe anyi o. 18 Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o. 19 Megaɖe adzɔgbe atsɔ nyɔnu alo ŋutsu ƒe ahasihoa ɖeke ava Yehowa, wò Mawu la, ƒe me o, elabena ŋunyɔnu woa kple eve la siaa nye na Yehowa, wò Mawu la. 20 Megaxɔ deme le nɔviwò si o, eɖanye ɖe ga alo nuɖuɖu alo nusianu, si woaɖo woaxɔ deme ɖe dzi la dzi o. 21 Ekpɔ mɔ axɔ deme le du bubu me tɔwo si, ke megaxɔ deme le nɔviwò si o, bena Yehowa, wò Mawu, nayra wò le nusiwo katã netsɔ wò asi wɔ dɔ kpɔ la me, le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò la dzi. 22 Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ekema megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena Yehowa, wò Mawu, abiae tso asiwò kokoko, ne megaɖi fɔ o. 23 Ke ne ègbe adzɔgbeɖeɖe la, ekema meɖi tɔa ɖeke o. 24 Lé nya, si do le nuwo la me ɖe asi, eye nawɔ nya, si nègblɔ heɖe adzɔgbe le ɖokuiwò si na Yehowa, wò Mawu la dzi. 25 Ne èva hawòvi ƒe weingble me la, ekema ɖu tsetseawo alesi dze ŋuwò, vaseɖe esime naɖi ƒo; ɖeko megatsɔ ɖeke ɖe wò nuwo me o 26 Ne eva hawòvi ƒe mɔligble me la, ekpɔ mɔ atsɔ asi aƒlɔ mɔlikuawoe, ɖeko megatsɔ hɛ si hawòvi ƒe mɔli o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana