Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Se bubu ƒomeviwo. Nublanuikpɔkpɔ na amewo kple lãwo siaa.

1 Ne èkpɔ nɔviwò ƒe nyi alo alẽ tre mɔ la, megato eŋu yi o, ke boŋ gakplɔe yi na nɔviwò.

2 Ke ne nɔviwò mele kpuiƒe o, eye menyae hã o la, ekema kplɔe va aƒewò me, eye wòatsi gbɔwò, vaseɖe esime noviwò la nabia eta; emegbe nagbugbɔe nɛ.

3 Alea nawɔ eƒe tedzi kple eƒe avɔ kpakple nusianu, si nɔviwò bu nèfɔ lae; megato wo ŋu yi o.

4 Ne ekpɔ nɔviwò ƒe tedzi alo nyi dze anyi ɖe mɔ dzi la, megate eŋu yi o, ke boŋ nakpe ɖe eŋu, miafɔe ɖe tsitre.

5 Nyɔnua ɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsua ɖeke megado nyɔnuwu o; elabena amesi wɔ nusia la, enye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.

6 Ne èle mɔ dzi, eye nèfɔ xevitɔ, si me vi alo azi le, le atia ɖe dzi alo anyigba, eye dada tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, ekema megale dada kple viawo siaa o;

7 ke boŋ ɖe asi le dada ŋu, eye nalé viawo ko, ne wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie.

8 Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.

9 Megaƒã nuku eve ƒomevi ɖe wò weingble me o, bena nuku, si nèƒã kple weintsetseawo siaa nagazu adzɔ na kɔkɔe la o.

10 Megana nyitsu kple tedzi natsaka aŋlɔ agble na wò o.

11 Megatsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ avae o.

12 De gbo wò avɔ, si nẽtsyɔna la, ƒe dzogoe eneawo ŋu.


Ahasiwɔwɔ ŋu sewo.

13 Ne amea ɖe ɖe srɔ̃, eye wòdo egbɔ, emegbe wòlé fui,

14 eye wògblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu hegblẽ eƒe ŋkɔ gblɔ bena: Esi meɖe nyɔnu sia, eye medɔ egbɔ, nyemekpɔe aƒe o la,

15 ekema nyɔnuvia fofo kple ɖada natsɔ avɔ la ava dumegãwo ŋku me le ʋɔnu.

16 Eye nyɔnuvia fofo nagblɔ na ame tsitsiawo bena: Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia wòɖe, ke eva lé fui,

17 eye wògblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu gblɔ bena: Nyemekpɔ viwònyɔnu la aƒe o; evɔ wònye vinyenyɔnu ƒe avɔ enye si hafi. Eye woakeke avɔ la ɖe dumegãwo ŋku me.

18 Ekema dumegãwo nalé ŋutsu la aƒo.

19 Eyome wòaxe klosalo alafa ɖeka na nyɔnuvia fofo, le esi wogblẽ Israel-ɖetugbi ŋkɔ ta; emegbe woatsɔe nɛ wòanye srɔ̃, eye maɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.

20 Ke nenye nyateƒee be, womekpɔ nyɔnuvi la aƒe o la,

21 ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.

22 Ne wòlé ŋutsu, si de asi nyɔnu srɔ̃tɔa ɖe ŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi nyɔnua ŋu kpakple nyɔnu la siaa. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le Israel!

23 Ne wobia nyɔnuvia ɖe ta, hafi ŋutsua ɖe lée le dua me de asi eŋu la,

24 ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣlio; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.

25 Ke nenye gbe mee ŋutsua lé amea ɖe ƒe ŋugbetɔ le sesẽ de asi eŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi eŋu ta, ɖeɖeko.

26 Migawɔ naneke nyɔnuvi la o, elabena mewɔ naneke, si dze ku o; ke boŋ nya la nanɔ, abe alesi amea ɖe adze nɔvia dzi awui la, ƒe nya ene.

27 Elabena gbe mee wòlée le, eye ne ŋugbetɔ la ɖo ɣli hã la, amea ɖeke meli axɔ nɛ o.

28 Ne amea ɖe lé nyɔnuvi, si ta womebia o, hede asi eŋu, eye wòlé wo la,

29 ekema ŋutsu, si de asi eŋu la, naxe klosalo blaatɔ̃ na nyɔnuvia fofo, eye woaxɔe aɖe, le esi wògblẽe la ta, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan