Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Alesi woawɔ le ame dzra kuku ŋu.

1 Ne wofa ame kukua de le gbe me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye towo la dzi, eye womenya amesi wui o la,

2 ekema wò ame tsitsiwo kple wò ʋɔnudrɔ̃lawo nado ayi, eye woadzidze ame kuku la kple du, siwo ƒo xlãe la dome.

3 Eye du, si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ la me ame tsitsiwo nana nyinɔvi ɖeka, si mewo ɖɔ kpɔ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la.

4 Eye du ma me ame tsitsiwo nakplɔ nyinɔ la ayi baba ɖe, si me tɔ makumaku si to la me, afisi womede agble ɖo o, eye womeƒã nu ɖo o, eye woaŋe kɔ le nyinɔ la nu le bali la me afima.

5 Emegbe nunɔlawo, amesiwo nye Lewi-viwo la, nate va, elabena woawo Yehowa, wò Mawu tia, bena woasubɔe, eye Woayra ame ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye alesi wogblɔ la, nenema nu woadrɔ̃ dzrenya kple avuwɔnyawo katã ɖo.

6 Eye du, si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ la me ame tsitsiwo katã naklɔ asi ɖe nyinɔ, si nu wòŋe kɔ le, le baba me la dzi

7 ahagblɔ bena: Menye míaƒe asie kɔ ʋu sia ɖi o, eye míaƒe ŋku mekpɔ eteƒe o.

8 Yehowa, lé avu wò dukɔ, si nèxɔ ƒle la, eye megabia ʋu maɖifɔ tso wò dukɔ Israel si o! Ekema woaɖe ʋu la ɖa le wo dzi.

9 Ne ebe, yeawɔ nusi anyo le Yehowa ŋku me la, ekema ɖe ʋu maɖifɔ la ɖa le dowòme.


Nyɔnu lelewo ŋu nya.

10 Ne eho aʋa de wò futɔwo ŋu, eye Yehowa, wò Mawu, tsɔ wo ɖe asi na wò, eye neɖe aboyo wo dometɔa ɖewo,

11 eye nekpɔ nyɔnu dzetugbea ɖe la aboyomeawo dome, eye nèlɔ̃e heɖee wòzu srɔ̃wò la,

12 ekema nakplɔe ayi wò xɔgã me, eye wòako ta, akpa eƒe fetsuwo.

13 Eyome wòaɖe avɔ, si le eŋu, hafi woɖe aboyoe la ɖi, eye wòatsi aƒewò me; woafa fofoa kple dada ɣleti ɖeka sɔŋ, emegbe nayi egbɔ aɖee wòazu srɔ̃wò.

14 Ke ne eƒe nu meganyo ŋuwò o la, ekema naɖe asi le eŋu wòanɔ eɖokui si; ɖeko megatsɔe dzra xɔ ga o, eye megasẽ ŋuta le eŋu o, elabena edɔ egbɔ xoxo.


Vi ka anyi fofoa dome?

15 Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu,

16 eye azã su wòle domenyinu mã ge na viawo la, ekema mekpɔ mɔ atsɔ esi wòlɔ̃na ƒe viŋutsu awɔ ŋgɔgbevi ɖe esi melɔ̃na o ƒe viŋutsu teƒe o;

17 ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.


Ŋutsuvi maɖotowo.

18 Ne ŋutsuvi dzeaglã, sẽtoa ɖe le amea ɖe si, eye meɖoa to fofoa kple dada ƒe gbe o, eye wohe to nɛ, gake mesee o la,

19 ekema fofoa kple dada nalée ayi du me ame tsitsiawo gbɔ, eye woakplɔe ayi du la ƒe ʋɔnu.

20 Eye woagblɔ na du me ame tsitsiawo bena: Mia viŋutsu sia enye ame dzeaglã kple tosẽla, meɖoa to miaƒe gbe o, eye wònye ame baɖa kple ahamũla.

21 Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.


Ame dekavewo ŋu nya.

22 Eye ne amea ɖe wo nua ɖe, si dze ku, eye wowui, eye nède kae ɖe ati ŋu la,

23 ekema megagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ naɖu gbemagbe ke, elabena Mawu ƒo fi ɖe amesi wode kae ɖe ati ŋu la, eye megagblẽ ko ɖo na anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan