Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Aʋawɔwɔ ŋu se.

1 Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.

2 Hafi miava ho aʋa la, nunɔla natsi tre, eye wòaƒo nu kple aʋakɔ la

3 agblɔ na wo bena: Israel see, egbe miele aʋa ho ge ɖe miaƒe futowo ŋu, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye migavɔ̃ o, dzidzi megaƒo mi o, eye womegadzi ŋɔ na mi o!


Amesi avo tso, aʋawɔwɔ me.

4 Elabena Yehowa, mia Mawu, ayi kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòaxɔ na mi.

5 Eye dzikpɔlawo nagblɔ na aʋakɔ la bena: Ne ŋutsua ɖe tu xɔ yeye, eye meʋu ɖe eme haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naʋu ɖe eme o.

6 Ne ŋutsua ɖe de weingble, eye mede nu eme nua ɖeke ŋu haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu nawɔ eŋu ɖɔ o.

7 Ne ŋutsua ɖe bia nyɔnu ta, eye mekpɔ ɖee haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naɖee o.

8 Eye dzikpɔlawo naƒo nu kple aʋakɔ la ayi dzi agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖe le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magade vovɔ̃ lãme na nɔviawo abe eya ŋuta ene o.

9 Eye ne dzikpɔlawo ƒo nu kple aʋakɔ la vɔ la, ekema woaɖo aʋafiawo aʋakɔ la nu.


Alesi woawɔ le duxɔxɔ me.

10 Ne èho aʋa ɖe dua ɖe ŋu, eye nete tui la, ekema bia be, wòana ta.

11 Ne wolã edzi na wò, eye woʋu agbo na wò la, ekema amesiwo katã le eme la, nawɔ do na wò, eye woasusɔ wò.

12 Ke ne wobe, yewomana la o, eye woho aʋa ɖe ŋuwò la, ekema ɖe to ɖe wo;

13 eye ne Yehowa, wò Mawu, tsɔ wo de asi na wò la, ekema wu ŋutsu, siwo katã le eme la, kple yi;

14 negbe nyɔnuwo kple ɖeviwo kple lãwo kpakple aboyonu, siwo katã le dua me la, ko naha na ɖokuiwò, eye naɖu wò futowo ƒe aboyonu, siwo Yehowa, wò Mawu, na wò la.

15 Alea nawɔ du, siwo katã le adzɔge ʋĩ tso gbɔwò, eye womenye dukɔ siawo ƒe duwo o la hãe.

16 Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;

17 ke boŋ natsrɔ̃ Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbidigbidi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, de se na wò ene,

18 ne womagava fia ŋunyɔnu, siwo katã wowɔna na woƒe mawuwo la, wɔwɔ mi, eye miawo nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu o.

19 Ne èbe, yeawɔ aʋa kple dua ɖe axɔe, eye nèɖe to ɖee eteƒe didi la, ekema megatsɔ̃ fia gblẽ woƒe atiwo o, ke boŋ èkpɔ mɔ aɖu woƒe tsetse, eye megalã wo o, elabena agblemeti menye ame wònye nèva to ɖe ge ɖee o.

20 Negbe ati, siwo nènya be, womeɖua woƒe tsetse o la, ko nagblẽ, eye nalã wo atsɔ tɔ kpɔ ɖe du, si le aʋa wɔm kpli wò la ŋu, vaseɖe esime naɖu edzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan