Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Zɔ zɔ to gbedzi; woɖu Sixon dzi.

1 Tete mietrɔ, eye miehe ɖo ta gbedzi heto Avaƒu gbɔ mɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene, eye mietrɔ Seir-to la ta eteƒe didi.

2 Eye Yehowa gblɔ nam bena:

3 Mietrɔ to sia ta eteƒe didi, mitrɔ ɖo ta anyiehe!

4 Eye de se na dukɔ la bena: Miele mia nɔvi Esau-viwo, amesiwo le Seir la, ƒe anyigba dzi to ge, eye wole mia vɔ̃ ge, ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie,

5 ne miagawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyemele woƒe anyigba ƒe afɔ ɖeka hã na ge mi o, elabena ɖe metsɔ Seir-to la na Esau, be wòanye etɔ.

6 Miekpɔ mɔ atsɔ ga aƒle nuɖuɖu le wo si aɖu, eye miekpɔ mɔ atsɔ ga adze tsi le wo si ano.

7 Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.

8 Eye míedzo tso mía nɔvi Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la gbɔ hetrɔ tso Elat kple Ezeon-Geber-tagbamɔ dzi ɖo ta Moab-tagba.

9 Tete Yehowa gblɔ nam bena: Megadze Moabitɔwo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ woƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔ Ar na Lot-viwo, be wòanye wo tɔ.

10 Tsã la Emitɔwo nɔ afima, amesiwo nye dukɔ gã, wòsɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu abe Enakitɔwo ene.

11 Wobu woawo hã ɖe ame dzɔtsuwo me abe Enakitɔwo ene, eye Moabitɔwo yɔ wo be Emitɔwo.

12 Tsã la Xoritɔwo nɔ Seir, ke Esau-viwo nyã wo, eye wotsrɔ̃ wo le wo ɖokui ŋgɔ hena wo teƒe abe alesi Israel wo anyigba, si Yehowa nae wònye eta la ene.

13 Azɔ midze mo, eye miatso Sered-toʋu la! Tete míetso Sered-toʋu la.

14 Ɣeyiɣi, siwo katã miezɔ ma tso Kades-Barnea, vaseɖe esime míetso Sered-toʋua, le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, vaseɖe esime aʋawɔlawo katã ku vo le asaɖa la me, abe alesi Yehowa ka atam na wo ene.

15 Eye Yehowa ƒe asi hã le wo ŋu, vaseɖe esime wotsrɔ̃ vɔ keŋ le asaɖa la me.

16 Esi aʋawɔlawo katã ku le dukɔa dome vɔ la,

17 Yehowa ƒo nu kplim bena:

18 Egbe nèle Ar to ge le Moab ƒe liƒo dzi,

19 eye nèle tete ge ɖe Amon-viwo ŋu, megadze wo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ Amon-viwo ƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔe na Lot-viwo, ne wòanye wo tɔ.

20 Wobua eya hã abe ame dzɔtsuwo ƒe anyigba ene, elabena ame dzɔtsuwo nɔ edzi tsã, eye Amonitɔwo yɔ wo bena Samsumitɔwo;

21 wonye dukɔ gã, wòsɔ gbɔ, eye wodzo atsu abe Enakitɔwo ene, eye Yehowa tsrɔ̃ wo le wo ŋgɔ, wonyã wo, eye wònɔ wo teƒe,

22 abe alesi Yehowa wɔ na Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la ene: etsrɔ̃ Xoritɔwo le wo ŋgɔ, eye wonyã wo hena wo teƒe va do egbee.

23 Eye Kaftoritɔwo tso Kaftor heva tsrɔ̃ Awitɔwo, amesiwo nɔ kɔƒekɔƒewo me vaseɖe Gaza, eye wònɔ wo teƒe.

24 Mitso míaho atso Arnon-tɔʋu la; kpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, amesi te Xesbon, kple eƒe anyigba de asi na wò! Dze anyigba xɔxɔ gɔme, eye nawɔ aʋa kplii!

25 Madze egɔme egbea ana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nalé dukɔ, siwo katã le dziƒoa te le ŋuwò, ale be, ne wose: ŋkɔwo la, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le ŋgɔwò.

26 Tete medɔ amewo tso Kedemot-gbedzi ɖo ɖe fia Sixon gbɔ le Xesbon kple gbe bɔbɔe bena:

27 Na mato wò anyigba dzi ayi, mɔ dzi ko mazɔ, eye nyemele dzedze ge ɖe ɖusi alo mia me o.

28 Dzra nuɖuɖu nam maƒle kple ga aɖu, eye na tsim madze kple ga ano; na matsɔ nye afɔ pɛ ko azɔ edzi ayi,

29 abe alesi Esau-vi, siwo le Seir, kple Moabitɔ, siwo nɔ Ar la, wɔm ene, — vaseɖe esime matso Yordan ava anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mía na ge la dzi.

30 Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

31 Tete Yehowa gblɔ nam bena; Kpɔ ɖa, medze Sixon kple eƒe anyigba ɖeɖe asi gɔme le ŋkuwò me; dze eƒe anyigba xɔxɔ gɔme, ne wòanye tɔwo!

32 Eye Sixon kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yaza.

33 Ke Yehowa, mía Mawu, tsɔe de asi na mi, ale be míewu eya ŋutɔ kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dukɔ blibo la.

34 Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye mietsrɔ̃ du sia du, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple vidzĩewo gbidigbidi, eye míena amea ɖeke tsi agbe ahayi sisi ge o.

35 Negbe lãwo koe mieha na mía ɖokui, eye míeɖe aboyo nuwo le du, siwo miexɔ la me.

36 Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.

37 Negbe Amon-viwo ƒe anyigba, si le Yabok-tɔʋu ƒe go ɖeka, kple du, siwo le towo dzi, kpakple nusiwo katã ŋu Yehowa, mia Mawu, ɖe se le la ŋu ko mele ɖo o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan