Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sitsoƒeduwo.

1 Ne Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ dukɔ, siwo ƒe anyigba Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ na wò, eye nènyã wo hele woƒe duwo kple xɔwo me la,

2 ekema natia du etɔ̃ ɖe wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi.

3 Nata mɔ ayi afima, eye namã wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la, ɖe akpa etɔ̃ me, eye amewula nasi ayi afima.

4 Ale amesi asi ayi afima atsi agbe la, ƒe nya anɔ enye si: Ne amea ɖe wu nɔvia, evɔ wònye mebua o, eye melé fui tsã hã o,

5 alo ne amea ɖe kple nɔvia woyi ave me nake fɔ ge, eye wòkɔ fia dzi, be yealã nake, kasia fia tu le atia me hedze nɔvia woku la, ekema wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe,

6 ne hiãtɔ magaɖo dziku ati amewula yome, eye woatui awui, le esi mɔ didi akpa ta o, evɔ wònye medze ku o hafi, elabena melé fui tsã o.

7 Eyata mede se na wò be, natia du etɔ̃ na ɖokuiwò.

8 Ke ne Yehowa, wò Mawu, keke wò liƒo ɖe nu, abe alesi wòka atam na fofowòwo ene, eye wotsɔ anyigba blibo la, si ŋugbe wòdo na fofowòwo la, na wò,

9 ke esi nèle se blibo, si mede na wò egbe la, me ɖe asi, eye nèwɔ edzi, èlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nezɔ eƒe mɔwo dzi ɣesiaɣi ta la, ekema natsɔ du etɔ̃ akpe ɖe wo ame etɔ̃ siawo ŋu,

10 ne womagakɔ ame maɖifɔa ɖeke ƒe ʋu ɖe wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi, eye naɖe hlɔ̃fe o.

11 Ke ne amea ɖe lé fu nɔvia, eye wòde xa ɖi nɛ heƒo vevieƒe nɛ woku, emegbe wòsi yi du siawo dometɔ ɖeka me la,

12 ekema wo de dumegãwo nadɔ ame woaɖakplɔe tso afima vɛ, eye woatsɔe ade asi na hiãtɔ, ne woawu.

13 Megakpɔ eta o, ke natutu ame maɖifɔ ƒe ʋu ɖa le Israel dome, bena wòanyo na wò.


Megaɖɔ li liƒo o!

14 Megage nɔviwò ƒe liƒo, si tɔgbuiwòwo ɖe ɖe wò anyigba dzi, be wòanye wò domenyinu le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi, ɖe eme o.


Aʋatsoɖaseɖilawo ƒe tohehe.

15 Ame ɖeka mekpɔ mɔ aɖi ɖase le amesi ke da vo alo wɔ nuvɔ̃ bubu ƒomevia ɖe la ŋu o, ke boŋ ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woaxɔ nya la.

16 Ne aʋatsoɖasefoa ɖe ɖi ɖase le amea ɖe ŋu heli sedzidanyaa ɖe ɖe edzi la,

17 ekema ŋutsu eve, siwo dome dzrea dzɔ ɖo la, nava nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo li le ɣemaɣi la, gbo le Yehowa ŋku me.

18 Eye ne ʋɔnudrɔ̃lawo dzro nya la me tsitotsito kpɔ bena, aʋatsoɖase ɖim wòle, eye wòka aʋatso ɖe nɔvia si la,

19 ekema miawɔe, abe alesi wòbe, yeawɔ nɔviae ene, eye naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.

20 Eye ame mamleawo asee, eye woavɔ̃, ne womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tugbe le dowòme azɔ o.

21 Megakpɔ eta o, ke boŋ agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan