5 Mose 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Afisi nunɔlawo nakpɔ woƒe nuɖuɖu tsoe. 1 Lewi-to blibo la, si nye nunɔlawo la, maxɔ gome alo domenyinua ɖeke akpe ɖe Israel ŋu o, ke boŋ woatsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa, si nye woƒe domenyinu la, anyro wo ɖokui. 2 Womaxɔ domenyinua ɖeke ɖe wo nɔviwo dome o, elabena Yehowa ŋutɔe nye woƒe domenyinu, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene. 3 Nunɔlawo ƒe adzɔ enye si: Ne dukɔ la tsɔ nyi alo alẽ sa akpedavɔ la, ekema woatsɔ abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo. 4 Natsɔ wò agblemenu, wò wein kple wò ami ŋgɔgbeawo kpakple wò alẽfu, si nètre koko la, ana wo. 5 Elabena Yehowa, wò Mawu, da wo tso wò toawo katã me, bena woawo kple wo viwo nasubɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣesiaɣi. 6 Ne Lewitɔa ɖe tso Israel blibo la ƒe dua ɖe me, afisi wònye amedzro le, va la, ekpɔ mɔ ayi teƒe, si Yehowa atia la faa, abe alesi wòdi ene, 7 eye wòasubɔ le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Lewitɔ bubuawo katã, amesiwo le Yehowa ŋku me afima la ene. 8 Eya hã naxɔ adzɔ ma kpli wo, negbe ƒomenu, si amea ɖe dzra la, koe mele eme o. Woatsri dzosasa kple afakaka. 9 Ne èyi anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo nawɔ o. 10 Amea ɖeke megana dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, 11 busudoamela, adzetɔ, nukata kple ŋɔliyɔlaa ɖeke meganɔ dowòme o 12 Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, elabena ŋunyɔnu siawo la Yehowa, wò Mawu, le wo nyã ge le ŋgɔwò ɖo. 13 Ku ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu blibo. 14 Elabena dukɔ, siwo nyã ge nala la, ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo, ke wo la, Yehowa, wò Mawu, meɖe esia ƒe mɔ nɔ wò o. Nyagblɔɖila vavã la ava. 15 Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe! 16 Esi neɖe kuku na Yehowa, wò Mawu, le Xoreb gbɔ le takpegbe la gblɔ bena; nyemate ŋu agase Yehowa, nye Mawu, ƒe gbe o, eye nyemate ŋu agakpɔ dzo gã sia, ne maku o la. 17 Yehowa gblɔ nam be. Wògblɔe ɖe eteƒe. 18 Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo. 19 Amesi ke meɖo to nya, siwo wòagblɔ le nye ŋkɔ dzi o la, mabia tso ame la si. 20 Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma. 21 Ne abu le wò dzi me bena: Aleke miate ŋu adze si nya, si Yehowa megblɔ o la? 22 Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana