Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Trɔ̃subɔsubɔ ŋu tohehe.

1 Megatsɔ nyitsu alo alé, si nane wɔe alo vloƒea ɖe le eŋu la, sa vɔ na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.

2 Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe le wò du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la, dometɔa ɖe me, amesiwo nusi medze Yehowa, wò Mawu ŋu o, eye wòtu eƒe nubabla,

3 eye wòyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo, eɖanye ɣe alo ɣleti alo dziƒonuwo katã, nusiwo ŋu nyemeɖe se le o,

4 eye wògblɔe na wò nèse la, ekema ɖi nya la gɔme tsitotsito, eye nenye nyateƒee wowɔ nua, eye wowɔ ŋunyɔnu sia le Israel la,

5 ekema kplɔ ŋutsu alo nyɔnu ma, si wɔ nu vɔ̃ɖi sia la, do go ɖe wò dua godo, eye naƒu kpe ŋutsu alo nyɔnu la woaku.

6 Ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woawu amesi dze ku la, gake ame ɖeka maɖi ɖase woawui o.

7 Ɖasefoawo natre asiɖeɖe eŋu, emegbe dukɔ blibo la nakpiti ɖe eŋu awui, eye naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Nunɔlawo ƒe nɔnudrɔ̃ƒe gãtɔ.

8 Ne amewunya alo dzrenya, avuwɔnya alo nya bubua ɖe dodro sesẽ na wò le wò duwo me la, ekema tso nayi teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia,

9 eye nabia ta le nunɔla, siwo nye Lewitɔwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la, si li le ɣemaɣi la gbɔ, eye woagblɔ afiatsonya na wò.

10 Emegbe natso afia, abe alesi wogblɔ na wò le teƒe, si Yehowa atia la ene; eye nawɔ nusiwo katã wotia wò la pɛpɛpɛ.

11 Wɔ nusiwo wofia wò kple afiatsonya, siwo wogblɔ na wò la dzi, eye megadze ɖe ɖusi alo mia me le afiatsonya, siwo wogblɔ na wò la me o.

12 Ke ne amea ɖe sẽ to ɖe nunɔla, si le Yehowa, wò Mawu, subɔm le afima, kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu, eye meɖo to wo o la, ekema woawu ame la; eye woaɖe vɔ̃ la ɖa le Israel dome,

13 bena Israel blibo la nasee, eye wòavɔ̃, ne womagasẽ to azɔ o.


Fia ŋu se.

14 Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, eye nèxɔe wònye tɔwo nètso aƒe ɖe edzi, emegbe dagblɔ bena: Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ, siwo katã ƒo xlãm ene la,

15 ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu; natsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu; mèkpɔ mɔ aɖo du bubu me tɔ, si menye nɔviwò o la, ɖe ɖokuiwò nu o.

16 Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.

17 Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o, eye klosalo kple sika geɖe akpa hã meganɔ esi o.

18 Eye ne eva fiazi dzi la, wòana Lewitɔwo, siwo nye nunɔlawo la, nagbugbɔ se sia aŋlɔ nɛ ɖe agbalẽ me.

19 Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi,

20 ne megado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, ne eya kple viaŋutsuwo nanɔ zi la dzi eteƒe nadidi le Israel dome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan