Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ƒe sia ƒe me ŋkekenyuie gãwo.

1 Wò ŋku nena nuŋeɣleti la ŋu, eye naɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la, elabena nuŋeɣleti la dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò tso Egipte de zã me.

2 Eye nawu alẽwo kple nyiwo le ŋutitotoŋkekenyuie la dzi na Yehowa, wò Mawu la, le teƒe, si Yehowa atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ.

3 Megatsɔ nu ʋaʋãa ɖeke doe o, ke boŋ naɖu nu maʋama ʋã, si nye funyibolo la, ŋkeke adre sɔŋ, elabena kplakplakpla dzi nele, hafi ʋu tso Egipte-nyigba dzi, ne gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la, nano ŋku dzi na wò le wò agbe me ŋkekewo katã me.

4 Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋãa ɖeke le wò anyigba blibo la dzi ŋkeke adre sɔŋ o, eye lã, si nèwu le ŋkeke gbãtɔ ƒe fiẽ la, ɖeke matsi anyi ŋu nake ɖe dzi o.

5 Mèkpɔ mɔ awu lã hena ŋutitotoŋkekenyuie la le wò du sia du, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la me o;

6 ke boŋ nawui le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nana; afima naɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le, le fiẽ, ne ɣe ɖo to, ɣeyiɣi, si dzi neʋu tso Egipte.

7 Eye naɖae aɖu le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia la; ke ne ŋu ke la, nagbugbɔ ayi wò xa nu.

8 Ŋkeke ade sɔŋ naɖu nu maʋamaʋã, ke ŋkeke adrelia enye takpegbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o.

9 Xlẽ kwasiɖa adre; ne wode asi nukuwo xaxa me la, nadze wo xexlẽ gome

10 Emegbe naɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, eye nana nusi su asiwò la faa, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yra wò nèkpɔe ene.

11 Eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me, kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le dowòme la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la.

12 Ɖo ŋku dzi be, enye kluvi kpɔ le Egipte; lé ɖoɖo siawo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.

13 Ne eƒo wò bli kple wò wein nu ƒu vo la, naɖu agbadɔ me nɔnɔ ŋkekenyuie ŋkeke adre sɔŋ,

14 eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewito kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la, miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyuie la dzi.

15 Ŋkeke adre sɔŋ naɖu ŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la le teƒe, si Yehowa atia, elabena Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye nakpɔ dzidzɔ wòatso me.

16 Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.

17 Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.


Ʋɔnudrɔ̃lawo kple dumegãwo ŋu nya.

18 Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.

19 Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.

20 Nya dzɔdzɔe yome kokoko nadi, ne nanɔ agbe, eye naxɔ anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la wòanye tɔwò.

21 Megado Asera-tia ɖeke ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui, si nadi la gbɔ o.

22 Eye megaɖi aƒelia ɖeke, si Yehowa, wò Mawu, lé fui la o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan