Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbugbɔnana-ƒe la.

1 Le ƒe adrelia sia ƒe adrelia me la woatsɔ fe ake.

2 Ale woatsɔ fe ake enye si: Ne amea ɖe ɖo nu na nɔvia la, wòatsɔ fe la ake, mekpɔ mɔ ali fe ehavi alo nɔvia o, elabena Yehowa na be, woaɖe gbe ƒã be, woatso fe ake.

3 Ekpɔ mɔ ali fe du bubu me tɔwo, gake megali nusi nèdo na noviwò la ƒe fee o.

4 Ke ame dahe koe mana dowòme hafi o, elabena Yehowa le yra wò ge le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tewò la dzi;

5 ɖeko se Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nalé se, siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.

6 Elabena Yehowa, wò Mawu, ayra wò, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, ale be nado agbana na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ màdo nugbana o, aɖu amegã ɖe dukɔ geɖewo dzi, ke woawo maɖu amegã ɖe dziwò o.

7 Ne nɔviwòwo dometɔa ɖe da ahe le wò dua ɖe me le wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe noviwò dahe la o;

8 ke boŋ naʋu wò asi nɛ, eye naɖo nugbana nɛ, abe alesi hiãe ene.

9 Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;

10 ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me.

11 Elabena ame dahe magbe wò anyigba dzi nono o, eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.

12 Ne noviwò, Hebri-ŋutsu alo Hebri-nyɔnu, tsa eɖokui dzra na wò la, ekema wòasubɔ wò ƒe ade, ke le ƒe adrelia me la, naɖe asi le eŋu woadzo le gbɔwò.

13 Eye ne èɖe asi le eŋu wodzo le gbɔwò la, megana wòayi asi gbɔlo o;

14 ke boŋ natsɔ wò alé, wò bli kple wò wein, siwo me Yehowa wò Mawu yra wò le la, ado agba, nɛ.

15 Ɖo ŋku edzi bena, wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle, eyata mede se sia na wò agbea ɖo.

16 Ke ne egblɔ na wò bena, yemadzo le gbɔwò o, metɔwo miaɖu wo le Yehowa, wò tɔwo, eye gbɔwò nanɔ dze ye ŋu la,

17 ekema natsɔ nuŋɔnui aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ne woatsi gbɔwò ɖika. Alea nawɔ na wò kosiwo hã.

18 Megave wò be, naɖe asi le eŋu wòadzo le gbɔwò o, elabena esubɔ wò ƒe ade sɔŋ heɖe vi na wò zi gbɔ zi eve wu agbatedɔwɔla; eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le ɖo, siwo katã nawɔ la me.


Aƒemelãwo ƒe ŋgɔgbedzidzi ŋu kɔkɔ.

19 Kɔ wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la; megana wò nyitsu, siwo nye ŋgɔgbéawo la, nawɔ dɔ na wò o, eye megako fu le wò alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ŋu o;

20 ke boŋ mia kple aƒewò me tɔwo miaɖu wo le Yehowa, wò Mawu ŋku me ƒe sia ƒe le teƒe, si Yehowa atia.

21 Ke ne nu wòe, eƒe afia ɖe ŋe, eƒe ŋku gbã, alo nu manyatanua ɖe wòe la, ekema megatsɔe sa vo na Yehowa, wò Mawu la o.

22 Ekpa mo aɖui le wò duwo me, eye amesi ŋu meka o kple amesi ŋu kɔ siaa kpɔ mɔ aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene;

23 negbe eƒe ʋu ko mèkpɔ mo aɖu o, ke boŋ naɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan