Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woagbe konyifafa ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe mɔwo nu.

1 Yehowa, mia Mawu ƒe viwo mienye; ne ame ku la, migasi blunui o, eye migalũ dzodome kokoe o;

2 elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la, eye Yehowa tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, ne nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


Nuɖuɖu tsitsriwo kple nuɖuɖu matsrimatsriwo.

3 Megaɖu ŋunyɔnua ɖeke o.

4 Lãfɔne, siwo miekpɔ mɔ aɖu la, wonye: nyi, alé kple gbɔ,

5 zi, sẽ, afia, agamegbɔ̃, avugbɔ̃e, to kple adzɔke.

6 Miekpɔ mɔ aɖu lãfɔne, siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu ɖuna.

7 Esiwo dzɔa nu ɖuna, kple esiwo ƒe afɔkli me fe dometɔ, siwo miekpɔ mɔ aɖu o la, wonye: kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena wodzɔa nu ɖuna, gake woƒe afɔkli me mefe o; ŋunyɔnu wonye na mi,

8 kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe, gake medzɔa nu ɖuna o; ŋunyɔnu wònye na mi. Migaɖu woƒe lã o, eye migaɖe asi woƒe kukua ŋu o.

9 Tɔmelã, siwo katã miekpɔ mɔ aɖu, wonye esiwo ŋu adza kple tsro le;

10 ke esiwo katã ŋu adza kple tsro mele o la, miekpɔ mɔ aɖu wo o; ŋunyɔnu wonye na mi.

11 Miekpɔ mɔ aɖu xe, siwo katã ŋu kɔ.

12 Wo dometɔ, siwo miekpɔ mɔ aɖu o, wonye: hɔ̃, akpo kple gbagblaxetsu,

13 doɖi, aʋako kple ayisu ƒomeviwo,

14 akpaviã ƒomeviwo katã,

15 golo, sagbadre, tsalɛ kple xe ƒonu bubu ƒomeviwo,

16 ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi,

17 aluge, akagã kple tsimese,

18 damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple drui.

19 Nu dzodzoewo katã nye ŋunyɔnu na mi; miekpɔ mɔ aɖu wo o.

20 Ke miekpɔ mɔ aɖu xe, siwo katã ŋu kɔ.

21 Migaɖu lã kukua ɖeke o, gake miekpɔ mɔ atsɔe na amedzro, si le wò du me la wòaɖu, alo nadzrae na du bubu me tɔwo; elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Ewolia nana.

22 Na wò agblemenuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ,

23 eye nano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple wò ami ƒe ewolia kpakple wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ la, ne nanya alesi nava Yehowa, wò Mawu lae ɣesiaɣi.

24 Ke ne Yehowa, wò Mawu, yra wò, eye mɔ didi na wò akpa, be màte ŋu atsɔ wo ayii o, elabena teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la gbɔ metsɔ na wò o la,

25 ekema na ga ɖe wo ta, eye nabia ga la ɖe nu me atsɔ ɖe asi ayi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia lae.

26 Eye natsɔ ga la aƒle nusianu, si dze ŋuwò, eɖanye nyi alo alẽ, wein alo aha sesẽa de alo nusianu, si nèdi la o, eye mia kple aƒewò me tɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋku me.

27 Megagblẽ Lewitɔ, si le wò du me la ɖi o, elabena mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o.

28 Fe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ megbe la naɖe wò agblemenu, siwo nèxa le ƒe ma me la, ƒe ewolia agblẽ ɖe wò du me,

29 hena Lewitɔwo — elabena womexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o — kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔ, siwo katã nèwɔna la me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan