5 Mose 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tohehe na aʋatsonyagblɔlawo. 1 Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o. 2 Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekulaa ɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunua ɖe na mi, 3 eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la, 4 ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã? 5 Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu. 6 Ke woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma, le esi wòbe, miatrɔ le Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye wòɖe mi tso kluvinyenyeƒe me la yome ta, le esi wòbe, miate ɖa le mɔ, si Yehowa, mia Mawu, ɖo na mi la dzi ta; ele be, miaɖe vɔ la ɖa le mia dome. Tohehe na amesiwo kplɔ amewo yi trɔ̃subɔsubɔ me. 7 Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawòvi, viwòŋutsu alo viwònyɔnu, srɔ̃wo, si le gbɔwò, alo xɔwo, si nèlɔ̃na abe ɖokuiwò ene, able nu wò le adzame be: na miayi aɖa subɔ mawu bubu, siwo wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, 8 dukɔ, siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, eɖanye esiwo te ɖe mia ŋu, alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ o, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme la, 9 ekema megalɔ̃ edzi nɛ o, eye megado toe o, eye megave enu ahaɣlae o; 10 ke boŋ ele be, nawui kokoko, wò asi natre eŋu dede, emegbe dukɔ blibo la nakplɔ ɖe eŋu awui. 11 Ele be, naƒu kpee woaku, elabena edi be, yeana natrɔ le Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la yome; 12 eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃, ne womagawɔ nu vɔ̃ɖisia tɔgbe le mia dome azɔ o. 13 Ne èse le du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge nanɔ me la, dometɔ ɖeka ŋu be, 14 ŋutsu yakamea ɖewo tso mia dome, eye woble duametɔwo gblɔ bena: mina miayi aɖasubɔ mawu bubu, siwo mienyã o la, 15 ekema di nya la gɔme, eye nabia eta tsitotsito. Eye nenye nyateƒee be, wowɔ nua, eye wowɔ ŋunyɔnu sia le mia dome la, 16 ekema nadza du ma me tɔwo kple yi, eye natsrɔ̃e kple nusiwo le eme la gbidigbidi, eye nadza woƒe lãwo kple yi. 17 Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o. 18 Megana busunuawo dometɔa ɖeke nalé ɖe wò asi ŋu o, bena Yehowa ƒe dɔmedzoe nu nata, eye wòave nuwo ahana nadzi ɖe dzi, abe alesi wòka atam na fofowòwo ene; 19 elabena èse Yehowa, wò Mawu ƒe gbe, eye nèle eƒe se, siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi, eye nèwɔ nusi nyo le Yehowa, wò Mawu, ŋku me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana