Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Trɔ̃subɔsubɔ, tsɔtsrɔ̃.

1 Esiawo nye ɖoɖo kple se, siwo me míalé ɖe asi, eye miawo wo dzi ŋkeke alesi miele anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi, be wòanye mia to la dzi.

2 Migblẽ teƒe, siwo katã dukɔ, siwo mienyã la, subɔa woƒe mawuwo le, le to kɔkɔwo kple togbɛwo dzi kpakple ati damawo te.

3 Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye mimu woƒe aƒeliwo, mitɔ dzo woƒe Asera-tiwo, eye migbã woƒe legbawo, eye mitsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le teƒe ma.


Afisi kple alesi woasubɔ Mawu bliboe.

4 Migawɔ alea na Yehowa, mia Mawu o,

5 ke boŋ teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia tso miaƒe towo dome, bena yeƒe ŋkɔ nanɔ alima la, teƒe ma yome mɔ miadi, eye afima miayi;

6 afima miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, miaƒe adzɔgbeɖe-nunanawo kple nusiwo miena le mia ɖokui si, kpakple nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ayii.

7 Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa ŋku me, le nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, yra mi mietsɔ miaƒe asiwò wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.

8 Migawɔ, abe alesi miele wɔwɔm le afisia fifia la ene o, ne amesiame nawɔ nusi dze eŋu o;

9 elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe, eye miexɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge la haɖe o.

10 Ke ne mietso Yordan, eye mietso aƒe ɖe anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mamã ge na mi dzi, eye wòna miekpɔ gbɔdzɔe tso miaƒe futɔ, siwo katã ƒo xlã mi la si me, eye mienɔ anyi bɔkɔɔ la,

11 ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,

12 eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.

13 Kpɔ nyuie, be nagatsɔ wò numevɔsa asa vɔe le teƒe sia teƒe, si nèkpɔ la o;

14 ke boŋ nasa wò numevɔ le teƒe, si Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka me, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se le na wò la, le afima.

15 Ke ekpɔ mɔ awu lã, siwo Yehowa, wò Mawu, yra wò nekpɔ la, aɖu le wò duwo katã me alesi dze ŋuwò, eye amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu ko la, kpɔ mo aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene.

16 Negbe ʋu koe miekpɔ mɔ aɖu o, ke boŋ miaɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.

17 Mekpɔ mo ano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple ami ƒe ewolia, wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, nusiwo katã nèɖe adzɔgbe na kple nusiwo nana le ɖokuiwò si kpakple adzo, si wò asi na la, le wò duwo me o.

18 Ke boŋ mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me la, miaɖu wo ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia, eye nakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me le nusiwo nètso wò asi wo dɔ kpɔ la ŋuti.

19 Kpɔ nyuie, be nagagblẽ Lewitɔ ɖi, ŋkeke alesi nèle agbe le wò anyigba dzi la o.

20 Ne Yehowa keke wò liƒo ɖe nu, abe alesi wòɖo ŋugbe na wò ene, eye nagblɔ bena: maɖu lã, le esi vɔ le wɔwòm ta la, ekema ekpɔ mɔ aɖu lã faa, abe alesi nèdi ene.

21 Ne teƒe, si Yehowa, wò Mawu tia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ, didi na wò akpa la, ekema wu wò nyi alo alẽ, si Yehowa na wò la, abe alesi mede se na wò ene, eye naɖui le wò du me, abe alesi nèdi ene.

22 Ke woaɖui, abe alesi woɖua sẽ alo zi ene; amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu kɔ la siaa kpɔ mɔ aɖui.

23 Ke zi ɖokuiwò dzi, be nagaɖu ʋu o, elabena ʋu la luʋɔe, eye mekpɔ mɔ aɖu luʋɔ kple lã siaa o;

24 ke natsɔe akɔ ɖe anyigba dzi abe tsi ene boŋ.

25 Megaɖui o, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo, le esi nèwɔ nusi dze Yehowa ŋu la ta.

26 Negbe wò nu nana kɔkɔewo kple wò adzɔgbeɖevɔsawo ko natsɔ ava teƒe, si Yehowa atia lae,

27 eye nawɔ wò numevɔsawo ƒe lã kple ʋu siaa ŋu da le Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui la dzi, ke nakɔ wò akpedavɔsa ƒe ʋu ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui la dzi, eye natsɔ lã la aɖu.

28 Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.

29 Ne Yehowa, wò Mawu, atsrɔ̃ dukɔ, siwo gbɔ nèyina, be nanyã wo la ɖa le ŋgɔwò, eye nènyã wo hetso aƒe ɖe woƒe anyigba dzi la,

30 ekema kpo nyuie, bena nagadze wo yome aɖo mɔ̃ me o; eye ne wotsrɔ̃ wo le ŋgɔwò megbe la, megabia woƒe mawuwo ta se agblɔ be: alesi dukɔ siawo le woƒe mawuwo subɔme la, nenema nye hã mawo o.

31 Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan