Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

5 Mose 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kpe eve yeyeawo.

1 Eye Yehowa gblɔ nam ɣemaɣi bena: Kpa kpe eve abe gbãtɔwo ene, eye nava gbɔnye le to la dzi, eye natsɔ ʋuƒo akpa aɖaka,

2 ne maŋlɔ nya, siwo nɔ kpe gbãtɔ, siwo nègbã dzi la, ɖe wo dzi, eye natsɔ wo ade aɖaka la me.

3 Tete metsɔ xé kpa aɖaka la, eye mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene, eye metsɔ kpe eveawo ɖe asi helia to la.

4 Eye woŋlɔ nya ewoawo, siwo Yehowa gblɔ na mi tso to la dzi le dzo me le takpegbe la, ɖe kpeawo dzi abe tsã ene, eye Yehowa tsɔ wo de asi nam.

5 Tete megbugbɔ heɖi tso to la dzi, eye metsɔ kpeawo ɖe aɖaka, si mewo la me, eye wotsi afima, abe alesi Yehowa ɖe se nam ene.

6 Eye Israel-viwo ho tso Beerot-Bene-Yaakan heva Mosera, afisi Aron ku ɖo, eye woɖii ɖe afima, eye via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.

7 Woho tso afima heva Hagudgod, eye woho tso Hagudgod heva Yotba, anyigba, si dzi tɔʋuwo le.

8 Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.

9 Eyata Lewi mexɔ gome kple domenyinu ɖeke kpe ɖe nɔviawo ŋu o, elabena Yehowa ŋutɔe nye eƒe domenyinu, abe alesi Yehowa, wò Mawu, do ŋugbe nɛ ene.

10 Ke metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abe tsã ene; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã, eye Yehowa be, yemagatsrɔ̃ wò o.

11 Tete Yehowa gblɔ nam bena: Tso, nayi àdze dukɔ la ŋgɔ, bena woahe ayi aɖaxɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo wòanye wo tɔ la.


Nuka Aƒetɔ bia le Israel si.

12 Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me;

13 eye nawɔ Yehowa ƒe se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.

14 Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;

15 hafi Yehowa tia mia fofowo ɖeɖeko, eye wòlɔ̃ wo hetia mi, amesiwo nye wo megbeviwo, tso dukɔwo katã dome, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Mitso aʋa na miaƒe dziwo!

16 Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.

17 Elabena Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnua ɖeke o;

18 amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.

19 Eyata milɔ̃ amedzro, elabena miawo hã míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpo.

20 Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu, eye eƒe ŋkɔ dzi naka atam ɖo.

21 Eya nye wò kafukafu kple wò Mawu, si wo nu gã dziŋɔwo, esiwo nèkpɔ kple ŋku la na wò.

22 Fofowòwo le ame blaadre hafi va Egipte, ke azɔ la Yehowa, wò Mawu, na mèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan