Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel-viwo ɖu ŋutitotoŋkekenyuie.

1 Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedzi bena:

2 Israel-viwo naɖu ŋutitotoŋkekenyuie la ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi.

3 Miaɖui ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ ɖe ɖoɖo kple se, siwo katã le eŋu la nu.

4 Eye Mose ƒo nu kple Israel viwo be, woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la.

5 Eye Israel-viwo ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le Sinai-gbedzi le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi le tiẽ; alesi Yehowa ɖe se na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ.


Alesi ame makɔmakɔwo kple mɔzɔlawo naɖu ŋutitotoŋkekenyuie la.

6 Ke ŋutsua ɖewo gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kukuwo ŋu, eye womete ŋu ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la gbemagbe o. Ŋutsu siawo va Mose kple Aron gbɔ le ŋkeke ma dzi,

7 eye wogblɔ nɛ bena: Miegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu. Nukaŋuti miekpɔ mɔ atsɔ vɔsa vɛ na Yehowa akpe ɖe Israel-viwo ŋu le ɣeyiɣi la dzi o?

8 Mose ɖo ŋu na wo bena: Milala, ne mase se, si Yehowa ade nam.

9 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

10 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne mia ŋutɔwo alo miaƒe dzidzimeviwo dometɔa de gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu alo yi nugbe la, ekpɔ mɔ aɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa.

11 Woawo naɖui le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã ado ama veve.

12 Womagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã ƒua ɖeke hã o. Woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la ɖe ɖoɖo, siwo katã le eŋu la nu.

13 Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.

14 Ne amedzro, si le mia dome be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wòaɖui ɖe ɖoɖo kple se, siwo le ŋutitotoŋkekenyuiea ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple duamevi siaa.


Alilikpo kple dzo le asaɖa la tame.

15 Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi.

16 Alea wònɔ ɖaa; alilikpo la tsyɔ edzi, eye wòdze le zã me abe dzo ene.

17 Ne alilikpo la ho le agbadɔa dzi la, ekema Israel-viwo hona, eye afisi alilikpo la gatrɔ va edzi le la, afima Israel-viwo ƒua asaɖa anyi do.

18 Le Yehowa ƒe sedede nu Israel-viwo hona, eye le Yehowa ƒe sedede nu Israel-viwo ƒua asaɖa anyi, ŋkeke, siwo katã alilikpo la gale nɔƒea dzi ko la, wotsia asaɖa la me.

19 Ne alilikpo la tsi nɔƒe la dzi ŋkeke geɖewo la, ekema Israel-viwo kpɔa Yehowa sinu, eye womehona o.

20 Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi ŋkeke ʋeea de ko la, ekema wotsia asaɖa la me le Yehowa ƒe sedede nu, eye wohona le Yehowa ƒe sedede nu.

21 Eva me ɣeaɖewoɣi bena, alilikpo la tsia anyi tso fiẽ vaseɖe ŋɖi ko; ne alilikpo la ho le ŋdi la, ekema wohona. Ɖewo etsia anyi ŋkeke ɖeka kple zã ɖeka, ne alilikpo la ho la, ekema wohona.

22 Ɖewo etsia anyi ŋkeke eve, ɣleti ɖeka alo wu nenema. Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi la, ekema Israel-viwo hã tsia asaɖa la me, eye womehona o; ke ne eho le edzi ta, ekema wohona.

23 Le Yehowa ƒo sedede nu woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe sedede nu wohona. Eye wokpɔ Yehowa sinu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan