4 Mose 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dumegãwo ƒe vɔsasa hena nubablaɖaka ŋuti kɔkɔ. 1 Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la, 2 Israel-amegã, siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒewo nu, amesiwo nye toawo ƒe amegãwo kple amesiwo wotia xlẽ la dzikpɔlawo la, dzɔ nu. 3 Woƒe nunana, siwo wotsɔ va Yehowa ŋku me la, woawo nye: tasiaɖam ade, siwo dzi wogba, kpakple nyi wuieve: amegã eve na tasiaɖam ɖeka, eye wo dome ɖesiaɖe na nyi ɖekaɖeka, eye wotsɔ wo va nɔƒe la ŋgɔ. 4 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: 5 Xɔ wo le wo si hena Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo wowɔ, eye namã wo na Lewitɔwo, ɖe alesi woƒe dɔwo le la nu. 6 Tete Mose xɔ tasiaɖamawo kple nyiawo, eye wotsɔ wo na Lewitɔwo. 7 Etsɔ tasiaɖam eve kple nyi ene na Gerson viwo, le alesi woƒe dɔ le la nu. 8 Eye wotsɔ tasiaɖam ene kple nyi enyi na Merari viwo, le alesi woƒe dɔ le la nu, wo dzikpɔla nye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu. 9 Ke metsɔ ɖeke na Kehai viwo o, elabena woƒe dɔe nye be, woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta. 10 Esime wole ami sim na vɔsamlekpuia la, amegãwo dzɔ nu, bena woatsɔ akɔ eŋui, eye wotsɔ nunanawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ. 11 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Woatsɔ woƒe nunanawo vɛ ɖekaɖeka, be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋui, ŋkeke ɖeka amegã ɖeka. 12 Amesi na nu le ŋkeke gbãtɔ dzi, enye Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me. 13 Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ ʋanaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 14 sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 15 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ, numevɔsae; 16 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae, 17 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Naheson, Aminadab vi, ƒe nunanawo. 18 Amegã Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la me, na nu le ŋkeke eveagbe. 19 Nusiwo wòna, wonye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 20 sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 21 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 22 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 23 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Netaneel, Zuar vi, ƒe nunanawo. 24 Eliab, Xelon vi, amesi nye Zebulon-viwo ƒe amegã, na nu le ŋkeke etɔ̃agbe. 25 Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 26 sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 27 nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 28 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae, 29 nyi eve, agbo alɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Eliab, Xelon vi, ƒe nunanawo. 30 Elizur, Sedeur vi, amesi nye Ruben viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke enelia dzi. 31 Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 32 sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 33 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae, 34 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 35 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Elizur, Sedeur vi, ƒe nunanawo. 36 Selumiel, Zurisadai vi, amesi nye Simeon-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke atɔ̃agbe. 37 Nusiwo wòna, wonye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 38 sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 39 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae, 40 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 41 nyi eve, agbo atɔ, gbɔ̃tsu atɔ kple alẽvi atɔ, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Selumiel, Zurisadai vi, ƒe nunanawo. 42 Elyasaf, Deguel vi, amesi nye Gad-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke adeagbe. 43 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae, 44 sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 45 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 46 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 47 nyi eve, agbo atɔ, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Elyasaf, Deguel vi, ƒe nunanawo. 48 Elisama, Amihud vi, amesi nye Efrayim-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke adreagbe. 49 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si ɖa sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 50 sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 51 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 52 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 53 nyi eve, agbo atɔ, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Elisama, Amihud vi, ƒe nunanawo. 54 Gamliel, Pedazur vi, amesi nye Manase-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke enyiagbe. 55 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 56 sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 57 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 58 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 59 nyi eve, agbo atɔ, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Gamliel, Pedazur vi, ƒe nunanawo. 60 Abidan, Gideoni vi, amesi nye Benyamin-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke asiekeagbe. 61 Nusiwo wòna, wonye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae: 62 sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 63 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 64 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 65 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Abidan, Gideoni vi, ƒe nunanawo. 66 Axiezer, Amisadai vi, amesi nye Dan-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke ewolia dzi. 67 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si ɖa sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 68 sikanutɔgba, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 69 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 70 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 71 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Axiezer, Amisadai vi, ƒe nunanawo. 72 Pagiel, Oxran vi, amesi nye Aser-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke wuiɖekɛlia dzi. 73 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 74 sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 75 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae: 76 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae; 77 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Pagiel, Oxran vi, ƒe nunanawo. 78 Axira, Enan vi, amesi nye Naftali-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke wuievelia dzi. 79 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae; 80 sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa; 81 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae; 82 gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae; 83 nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple alẽvi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, ne woawɔ akpedavɔsae. Esiawo nye Axira, Enan vi, ƒe nunanawo. 84 Nusiwo Israel-amegãwo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, le klosalogba wuieve, klosaloze wuieve kple sikanutɔgba wuieve. 85 Klosalogbawo dome ɖesiaɖe da sekel alafa ɖe ka blaetɔ̃, eye zea wo dome ɖesiaɖe da sekel kɔkɔe blaadre; wo katã ƒe klosalo le sekel kɔkɔe akpe eve alafa ene. 86 Sikanutɔgba wuieve, siwo dzudzɔdonu ya banaa; nutɔgba ɖeka da sekel kɔkɔe ewo; nutɔgbawo katã ƒe sika le sekel alafa ɖeka blave. 87 Lã, siwo katã wotsɔ sa numevɔe, wole nyi wuieve, agbo wuieve, alẽvi wuieve, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsawo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve woawo nuvɔ̃vɔsae. 88 Lã, siwo wotsɔ sa akpedavɔe, wole nyi blave vɔ ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple alẽvi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, enye si. 89 Ne Mose yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, bena yeaƒo nu kplii la, ekema esea gbea ɖe tso Kerubi eveawo dome le nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa tame la dzi: afisiae wòƒoa nu kplii le. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana