Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nasiretɔwo ŋu se.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa koŋ la,

3 ekema mano wein alo nu muamea ɖeke o, eye mano wein alo nu muame, si wotsɔ ɖo ƒãe la o, mano weintsetse me tsi o, manyi weintsetse o, eye maɖu weintsetse ƒuƒu hã o.

4 Ŋkeke, siwo katã me wòka eɖokui ŋu la, maɖu nusi wotso weintsetse eɖanye kua alo tsroa hã wòe la o.

5 Talũhɛ made eƒe ta le ŋkeke, siwo me wòɖe adzɔgbe heka eɖokui ŋu la o, vaseɖe esime ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa, nade hafi; ame kɔkɔe wònye, eyata wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato ʋluya.

6 Made ame kuku gbɔ le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa la me o.

7 Eye magblẽ ko ɖo le fofoa alo ɖada, nɔviaŋutsu alo nɔvianyɔnu ƒe kukua ŋu o, elabena eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe dzesi le ta nɛ.

8 Ame kɔkɔe wònye na Yehowa le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu.

9 Ke ne amea ɖe ku ku kpata ɖe egbɔ, eye wogblẽ kɔ ɖo na eƒe la, si ŋu ko la, ekema wòalũ ta le gbesigbe woka eŋu; le ŋkeke adreagbe wòalũ ta

10 Eye le ŋkeke enyiagbe la wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.

11 Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe, eye wòalé avu nɛ, le esi wògblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu la ta, eye wòagakɔ eƒe ta ŋu nɛ gbemagbe.

12 Emegbe wòagagbugbɔ adzɔgbe aɖe na Yehowa, eye wòana alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka wòawɔ fɔɖivɔsae; ke ŋkeke, siwo va yi la, mele eme o, elabena egblẽ kɔ ɖo na eɖokui.

13 Esia nye se na amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu. Ne ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu de la, ekema woakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu.

14 Eye wòatsɔ nusiawo asa vɔe na Yehowa, alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afia ɖeke nɛ o, woawɔ numevɔsae, alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afia ɖeke nɛ o, woawɔ nuvɔ̃vɔsae, kple agbo, si naneke mewɔ aba ɖeke nɛ o, woawɔ akpedavɔsae

15 kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le: aboŋgo, si wotsɔ wɔ memee ƒoe, kple akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo; emegbe wòatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu.

16 Eye nunɔla natsɔ wo ava Yehowa ŋku me, eye wòasa nuvɔ̃vɔ kple numevɔ nɛ.

17 Ke wòatsɔ agbo la kple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le la, asa akpedavɔe na Yehowa, eyome nunɔla la nasa nuɖuvɔ kple nunovɔ nɛ.

18 Eye amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, nalũ eƒe ta, si ŋu ko la, le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wòatsɔ eƒe taɖa, si ŋu ka la, ade dzo, si le akpedavɔsa te la me.

19 Ne amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu, lu eƒe ta, si ŋu ka la, ekema nunɔla la natsɔ agbo la ƒe abɔ, si woɖa, kple aboŋgo maʋamaʋã ɖeka kpakple akaklã ɖeka le kusi la me ade asi me nɛ.

20 Eye nunɔla nanyè wo le Yehowa ŋku me, nu kɔkɔewo wonye hena nunɔla la kpe ɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la ŋu. Emegbe amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, kpɔ mo ano wein.

21 Esia nye se le amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, ƒe nusi wòana Yehowa ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe ta la ŋuti, hekpe ɖe nusi eya ŋutɔ atsɔ kpee la ŋuti. Alesi wòɖe adzɔgbe lae la, nenema ŋu wòana nuawo ɖo.


Nunɔla gã ƒe yayra.

22 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

23 Gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo be: Ale miayra Israel-viwo agblɔ na wo enye si:

24 Yehowa ayra wò, eye wòakpɔ dziwò!

25 Yehowa akɔ ŋku me ɖe wò, eye wòave nuwo!

26 Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò!

27 Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israel-viwo ŋu, eye mayra wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan