Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ame makɔmakɔwo ɖeɖeɖa.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.

3 Woaɖo wo ɖe asaɖa la godo, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, bena womagagblẽ kɔ ɖo na woƒe asaɖa, si me mele le wo dome la o.

4 Israel-viwo wɔ nenema, eye woɖo wo ɖe asaɖa la godo; alesi Yehowa gblɔ na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ.


Vodada ʋu vɔsasa.

5 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

6 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe da vo ɖe amea ɖe ŋu, eye meɖi anukware na Yehowa o la, ekema ame la ɖi fɔ.

7 Eye wòaʋu eƒe vo, si wòda la me, eye wòaxe fe dedie ɖe nusi me wòɖi fɔ le la ta; emegbe wòatsɔ ho la ƒe mamã atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi ahatsɔ na amesi ŋu wòɖi fɔ ɖo.

8 Ke ne ƒometɔ kekeake mele ame la si, amesi wòaxe fe la na o la, ekema fe, si wòxe la, zu Yehowa tɔ hena nunɔla, hekpe ɖe agbo, si woatsɔ alé avu nɛ la ŋuti.

9 Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo katã anye adzɔ na nunɔla la, nanye etɔ.

10 Ne amea ɖe na nunana kɔkɔe la, enye nunɔla tɔ, eye ne amea ɖe na nu nunɔla la, ekema enye etɔ.


Ŋunãvɔsa kple fiƒodetsi.

11 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

12 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe srɔ̃ da ƒu, eye meɖi anukware nɛ o,

13 eye ŋutsu bubu ɖe asi eŋu, gake srɔ̃ menyae o, eye wòtsi vivi me, wònye egblẽ kɔ ɖo hafi, eye ɖasefoa ɖeke meli o, eye womelée asiasi hã o,

14 eye ŋuʋaʋã ɖo ŋutsu la me, wòde asi anukluiwɔwɔ me le srɔ̃ ŋu, eye nyɔnua gblẽ kɔ ɖo vava la, alo ŋuʋaʋã ɖo ŋutsu la me, eye wòɖe asi anukluiwɔwɔ me le srɔ̃ ŋu, wònye megblẽ kɔ ɖo hafi o la,

15 ekema ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla gbɔ, eye woatsɔ luwɔ efa ewoliawo ɖeka awɔ vɔsanu akpe ɖe eŋu, makɔ ami ɖe edzi o, eye mada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o; elabena anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa kple nuɖuvɔsa, si ɖoa ŋku vodada dzi wònye.

16 Nunɔla la nana nyɔnua nate va, eye wòakplɔe aɖo Yehowa ŋku me.

17 Eye nunɔla la naku tsi kɔkɔe la ɖe agba me, eye wòalɔ ke le nɔƒe la akɔ ɖe tsi la me.

18 Emegbe nunɔla la nakplɔ nyɔnu la aɖo Yehowa ŋku me, eye wòakaka ɖa ɖe ta ne, eyome wòatsɔ ŋkuɖodzi-nuɖuvɔsa ade asi me nɛ, anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa wònye; ke nunɔla la ŋutɔ nalé tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, ɖe asi.

19 Eye nunɔla naka atam na nyɔnu la agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖeke medo gbɔwò o, eye meda ƒu ɖe srɔ̃wò ŋu hegblẽ kɔ ɖo o la, ekema tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, mawɔ naneke wò o.

20 Ke ne eda ƒu ɖe srɔ̃wò ŋu, alo nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu ɖe asi ŋuwò hekpe ɖe srɔ̃wò ŋu la fi!

21 Ale nunɔla naka atam agblɔ fiƒoɖenyawo na nyɔnu la bena: Yehowa ana fiƒode la naɖi ŋuwò, atrɔ zu ɖiŋudonu le wò dukɔ la dome; Yehowa ana wò ali naklẽ, eye ƒodo nadzi ɖe nuwo.

22 Tsi, si hea fiƒode va ame dzi la, aɖo wò dɔme, ƒodo adzi ɖe nuwo, eye wò ali aklẽ! Eye nyɔnu la naɖo ŋu bena: Neva me nenema, neva me nenema!

23 Emegbe nunɔla naŋlɔ fiƒodenya siawo ɖe agbalẽ dzi, eye woakpalae ɖe tsi, si hea fuwɔame va ame dzi la me.

24 Eyome wòana nyɔnu la nano tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, eye tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, aɖo lãme nɛ.

25 Eye nunɔla naxɔ anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa la le nyɔnu si, eye wòanyè nuɖuvɔsa la le Yehowa ŋku me, emegbe wòatsɔe ayi vɔsamlekpui la gbɔe.

26 Nunɔla la naku nuɖuvɔsa la asiʋlo ɖeka, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi; emegbe hafi wòana nyɔnua nano tsi la.

27 Ne eno tsi lã, wònye egblẽ kɔ ɖo, eye meɖi anukware na srɔ̃ o hafi la, ekema tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, aɖo lãme nɛ; ƒodo adzi ɖe nu, eƒe ali aklẽ, eye nyɔnu la atrɔ zu ɖiŋudonu le eƒe dukɔ la dome.

28 Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye eƒe nya dzɔ la, ekema naneke mawɔe o, eye wòagate ŋu afɔ fu.

29 Esia nye se le anukluiwɔwɔ ŋu. Ne nyɔnua ɖe ɖa ƒu ɖe srɔ̃a ŋu, eye wogblẽ kɔ ɖo,

30 alo ŋuʋaʋã ɖo ŋutsua ɖe me, eye wòɖe asi anukluiwɔwɔ me le srɔ̃a ŋu la, ekema wòakplɔ nyɔnu la ava Yehowa ŋku me, eye nunɔla nawɔ nɛ alea de se sia nu.

31 Eye fɔɖiɖi manɔ ŋutsu la dzi o, ke boŋ fɔɖiɖi la atsi nyɔnua ŋutɔ dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan