4 Mose 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Lewitɔwo ƒe duwo. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa bena: 2 De se na Israel-viwo bena, woana duwo Lewitɔwo ɖe woƒe anyigba dzi, ne woanɔ eme; eye miana lãnyiƒe Lewitɔwo aƒo xlã dua wo akpe ɖo. 3 Woawo ŋutɔ nanɔ duawo me, eye woƒe agbatsɔlãwo kple lãhawo kpakple lã bubuwo nanɔ lãnyiƒeawo. 4 Eye lãnyiƒe, siwo miana Lewitɔwo aƒo xlã duawo la, natso duawo fe gliwo gbɔ, eye woadidi ɖe nu abɔklugui akpe ɖeka. 5 Eye miadzidze du la ƒe ɣedzeƒe gome woakeke abɔklugui akpe eve, dziehe gome abɔklugui akpe eve, ɣetoɖoƒe gome abɔklugui akpe eve kple anyiehe gome abɔklugui akpe eve, eye du la nanɔ titina Esia anye lãnyiƒe na wo anɔ duawo ŋu. 6 Eye du, siwo miatsɔ na Lewitɔwo la, dometɔ ade nanye sitsoƒeduwo, siwo me hlɔ̃dolawo nasi ayi ɖo, eye miatsɔ du blane vɔ eve akpe ɖe ŋu na wo. 7 Du, siwo katã miatsɔ na Lewitɔwo la, le du blane vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo. 8 Eye mina Israel-vi, siwo ƒe anyigba lolo la, nana du geɖe, ke amesiwo tɔ le sue la, nana ʋee alesi miava xɔ anyigba lae la, nenema ŋu miana duawo Lewitɔwo ɖo. Sitsoƒewo ŋu nya. 9 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 10 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mietso Yordan va Kanaan-nyigba dzi la, 11 ekema mitia duwo, ne woanye sitsoƒe na mi, afisi amesi mebuawu ame o la, nasi ayi. 12 Duawo nanye sitsoƒe na mi le hiãtɔ ta, ne womagawu amewula la hafi ava eƒe ʋɔnu le ameha la ŋku me o. 13 Sitsoƒedu, siwo miana la, nanye du ade. 14 Du etɔ nanɔ Yordan ƒe go si dzi, eye du etɔ̃ nanɔ Kanaan-nyigba dzi; sitsoƒeduwɔ woanye. 15 Du ade siawo nanye sitsoƒe na Israel-viwo kple amedzrowo kpakple wo gbɔ mewo, bena ne amea ɖe mebua wu ame o la, ne wòasi ayi afima. 16 Ne etsɔ lãnu dzae wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la. 17 Ne etsɔ kpe, si adze ame woaku, ƒui wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la. 18 Eye ne etsɔ kpo, si adze ame wòaku, ƒoe wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la. 19 Hlɔ̃tɔ kpɔ mɔ be, wòawu hlɔ̃dola, eye ne edo goe la, ekpɔ mɔ awui. 20 Ne ele fui tutui ƒu anyi, alo bua xlã nu ɖee wòku, 21 alo wòlé fui heƒoe kple kɔ wòku la, ekema woawu ame la, elabena edo hlɔ̃; ne hiãtɔ do go hlɔ̃dola la, ekema wòawui. 22 Ke ne melé fui o, kasia wòlɔe ƒu anyi, alo mebua hafi da nu wòdzee o, 23 alo mekpɔe o, hafi da kpe, si adze ame woaku la, wòdzee wòku, evɔ wònye melé fui hafi o, eye meɖo vɔ̃ ɖe eŋu hã o la, 24 ekema ameha la nadrɔ̃ ʋɔnu le amewula kple hlɔ̃tɔ dome ɖe ɖoɖo siawo nu. 25 Eye ha la naɖe amewula tso hlɔ̃tɔ si me, eye ha la nana woakplɔe agbugbɔ ayi sitsoƒedu, si me wòsi yi ɖo la me, eye wòatsi afima, vaseɖe esime nunɔlagã, amesi wosi ami kɔkɔe na, naku hafi. 26 Ke ne hlɔ̃dola la gbɔ sitsoƒedu, si me wòsi yi ɖo la, ƒe liƒo dzi, 27 eye hlɔ̃tɔ do goe le sitsoƒedu la ƒe liƒo godo, eye hlɔ̃tɔ wu hlɔ̃dola la, ekema meɖe hlɔ̃fea ɖeke o, 28 elabena ɖe wobe, wòanɔ sitsoƒedu la me, vaseɖe esime nunɔlagã naku. Ke le nunɔlagã ƒe ku megbe la amewula kpɔ mɔ agbugbɔ ava eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. 29 Esia nanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. 30 Ne amea ɖe wu ame, eye ɖasefowo ɖi ɖase le eŋu la, eya ko hafi woawui, gake ɖasefo ɖeka ɖeɖe maɖi ɖase, eye woawui o. 31 Miaxɔ fe ɖe hlɔ̃dola, si wotso kufia na la ta o, ele be, woawui kokoko. 32 Eye miekpɔ mɔ ana woaxe fe ɖe amea ɖe ta, bena magayi sitsoƒedu la me o, eye bena wòanɔ anyigba ƒe afia ɖe, vaseɖe esime nunɔla naku o. 33 Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko. 34 Migado ŋunyɔ anyigba, si dzi miele, afisi mele la o, elabena nye Yehowa mele le Israel-viwo dome. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana