4 Mose 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Womã anyigba, siwo le Yordan ƒe ɣedzeƒe la me. 1 Eye lã geɖewo le Ruben-viwo kple Gad-viwo si. Eye wokpɔ Yaezer kple Gilead-nyigba bena, enye afisi nyo na lãnyinyi. 2 Eyata Gad-viwo kple Ruben-viwo va gblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe amegãwo bena: 3 Atarot, Dibon, Yaezer, Nimra, Xesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon, 4 anyigba, siwo Yehowa xɔ le Israel ƒe ŋku me la, enyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si. 5 Eye wogblɔ bena: Ne eve mía nu la, ekema tso anyigba sia na wò dɔlawo, ne wòanye wo to, eye megakpɔ mí yi Yordan godo o. 6 Tete Mose gblɔ na Gad-viwo kple Ruben-viwo bena: A, mia nɔviwo le aʋa yi ge, eye miawo miedi be, miatsi afisia? 7 Nukaŋuti miele didim be, miaɖe dzi le Israel-viwo ƒo, bena womagayi toa godo le anyigba, si Yehowa na wo la dzi oa? 8 Alea pɛ mia fofowo wɔ, esi medo wo tso Kades-Barnea, bena woaɖakpɔ anyigba la ɖa. 9 Wova Eskol-tɔʋu la nu hekpɔ anyigba la ɖa, eye woɖe dzi le Israel-viwo ƒo, ale bena wobe, yewomegale anyigba, si Yehowa na wo la, dzi yi ge o. 10 Eyata Yehowa do dɔmedzoe gbemagbe heka atam bena: 11 Ŋutsu, siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi, amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ la, makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob la o, elabena womadze yonyeme blibo o; 12 negbe Kaleb, Yefune vi, Kenesitɔ la, kple Yosua, Nun vi ko, elabena woawo dze Yehowa yome blibo. 13 Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòna wotsa le gbedzi ƒe blane sɔŋ, vaseɖe esime ƒome, siwo katã wɔ nuvɔ̃ le Yehowa ŋku me la, tsrɔ̃ keŋkeŋ. 14 Azɔ mi nuvɔ̃wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miexɔ ɖe mia fofowo teƒe, be Yehowa nagado dɔmedzoe ɖe Israel ŋu awu. 15 Ne mietrɔ le eyome la, ekema ana woagatsi gbeadzi eteƒe nadidi, eye miahe gbegblẽ ava dukɔ blibo la dzi. 16 Tete wova egbɔ gblɔ bena: Miato kpɔ na míaƒe lãwo ɖe afisia, eye míatso duwo na mía viwo; 17 ke mía ŋutɔwo míabla akpa anɔ Israel-viwo ŋgɔ, vaseɖe esime míakplɔ wo ava wo teƒee; gake mía viwo nanɔ du sesẽwo me le anyigbadzinɔlawo ta. 18 Míatrɔ va míaƒe xɔwo nu o, vaseɖe esime Israel-viwo dome amesiame naxɔ eƒe domenyinu wòanye etɔ hafi. 19 Míaxɔ domenyinu ɖe wo ti le Yordan godo o, elabena míaƒe domenyinu le Yordan ƒe go si dzi, le ɣedzeƒe gome. 20 Tete Mose gblɔ na wo bena: Ne miawɔ alea, eye miabla akpa le Yehowa ŋku me hena aʋayiyi: 21 eye mia dometɔ, siwo katã bia akpa atso Yordan le Yehowa ŋku me, vaseɖe esime wòanya eƒe futɔwo ɖa le eŋgɔ, 22 eye anyigba la na ta le Yehowa ŋku me, emegbe hafi mietrɔ la, ekema miaɖi fɔ le Yehowa kple Israel ŋku me o, eye anyigba sia azu mia tɔ le Yehowa ŋku me. 23 Ke ne miewɔ alea o la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye míakpɔ miaƒe nuvɔ̃wo tɔ nua. 24 Mitso duwo na mia viwo, eye mitɔ kpɔ na miaƒe lãwo; nuwo, abe alesi do le mia nu ene. 25 Eye Gad-viwo kple Ruben-viwo ɖo ŋu na Mose bena; Wò dɔlawo awɔ, abe alesi miaƒe aƒetɔ de se ene. 26 Mia viwo kple nua srɔ̃wo, miaƒe lãwo kple míaƒe agbatsɔlãwo katã natsi Gilead-duwo me. 27 Ke wò dɔlawo katã abla akpa le Yehowa ŋku me ayi aʋa le tɔa godo, abe alesi miaƒe aƒetɔ gblɔ ene. 28 Tete Mose de se le wo ta na nunɔla Eleazar kple; Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo, 29 eye Mose gblɔ na wo bena: Ne Gad-viwo kple Ruben-viwo katã abla akpa le Yehowa ŋku me ayi aʋa kpli mi le Yordan godo, eye anyigba: la ana ta mi la, ekema mitsɔ Gilead-nyigba na wo, ne wòanye wo tɔ. 30 Ke ne womebla akpa yi tɔa godo kpli mi o la, ekema woaxɔ anyigba ɖe mia dome le Kanaan-nyigba dzi 31 Tete Gad-viwo kple Ruben-viwo do ŋu bena: Alesi Yehowa gblɔ na wò dɔlawo la, nenema miawɔ 32 Míabla akpa le Yehowa ŋku me ayi Kanaan-nyigba dzi, bena miaƒe domenyinu nanɔ Yordan ƒe go si dzi. 33 Eye Mose tsɔ Sixon, Amori-fia ƒe fiaduƒe kple Og, Basan-fia ƒe fiaduƒe, anyigba la kple edzi duwo kpakple eŋu liƒowo na Gad-viwo kple Ruben-viwo kpakple Yosef vi, Manase ƒe to afã. 34 Eye Gad-viwo tso Dibon, Atarot kple Aroer, 35 Aterot-Sofan, Yaezer kple Yogbeha, 36 Bet-Nimra kple Bet-Haran, siwo nye du sesẽwo, afisi wòtɔ alẽkpɔwo ɖo. 37 Eye Ruben-viwo tso Xesbon, Eleale kple Kiryatayim, 38 Neho, Baal-Meon kple Sibma, eye wotrɔ ŋkɔ na wo hetsɔ ŋkɔ yeye na du, siwo wotso la. 39 Eye Manase vi Maxir ƒe viwo yi ɖaxɔ Gilead, eye wonyã Amoritɔ, siwo le eme la ɖa. 40 Eye Mose tsɔ Gilead na Manase vi Maxir, eye wònɔ eme. 41 Eye Manase vi Yair yi ɖaxɔ woƒe kɔƒewo, eye wòna ŋkɔ wo be Yair-kɔƒewo. 42 Eye Nobax yi ɖaxɔ Kenat kple eŋu kɔƒewo, eye wòna ŋkɔe le eƒe ŋkɔ nu be Nobax. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana