4 Mose 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Aron ƒe ƒome. 1 Esiawo nye Aron kple Mose viwo, le ɣeyiɣi, si me Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-to la dzi. 2 Aron viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo nye si: Eƒe ŋgɔgbevi Nadab, eyome Abihu, Eleazar kple Itamar. 3 Esiawo nye nunɔla Aron, amesi wòsi ami na heɖoe be, wòanye nunɔla asubɔ la, ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo. 4 Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋku me, esime wotsɔ dzo bubu va Yehowa ŋku me le Sinai-gbedzi; ke viŋutsu mele wo si o, eye Eleazar kple Itamar zu nunɔlawo kpe ɖe wo fofo Aron ŋu. Lewitɔwo ƒe dɔ. 5 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 6 Na Lewi-to la nava nunɔla Aron gbɔ, bena woasubɔe. 7 Eye woawɔ do, si le eya ŋutɔ kple ha blibo la ŋu, le Mawu ƒe agbadɔ la nu; woawoe awɔ dɔ, si le nɔƒe la ŋu. 8 Woakpɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti nuwo dzi, eye woakpe ɖe Israel-viwo ŋu, ne wova subɔsubɔ ge, eye woawɔ nɔƒe la ŋu dɔwo. 9 Eye natsɔ Lewitɔwo ade asi na Aron kple viaŋutsuwo, etɔ woanye blibo le Israel-viwo dome. 10 Eye naɖo Aron kple viaŋutsuwo, be woawɔ nunɔladɔ; ke ne ame tutɔa ɖe le va la, woawui. 11 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 12 Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel-vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu ɖɔ nu na wo dada la teƒe, bena Lewitɔwo nanye tɔnye le Israel-viwo dome. 13 Ŋgɔgbeviwo katã nye tɔnye; elabena gbesigbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu le Israel, be woanye tɔnye, nye Yehowa. Lewitɔwo ƒe ƒome. 14 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedzi bena: 15 Tia Lewitɔwo xlẽ le wo fofowo ƒe aƒewo kple woƒe ƒomeawo nu; ŋutsuvi, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, natia axlẽ. 16 Eye Mose tia wo xlẽ, abe alesi Yehowa gblɔ hede se ne la ene. 17 Lewi-viwo ƒe ŋkɔwo nye si: Gerson, Kehat kple Merari. 18 Gerson-viwo ƒe ŋkɔwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei. 19 Kehat-viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel. 20 Eye Merari viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Lewitɔwo ƒe ƒome le wo fofowo ƒe aƒewo nu. 21 Gerson-hawo nye: Libni-viwo ƒe ƒome kple Simei-viwo ƒe ƒome. Woawo nye Gerson ƒomeawo. 22 Wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre alafa atɔ̃. 23 Eye Gerson ƒome la ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la megbe le ɣedzeƒe gome. 24 Gerson ƒome la ƒe amegã nye Eliasaf, Lael vi. 25 Dɔ, siwo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu na Gerson-viwo wonye: Woakpɔ nɔƒe la, etamevɔ kple edzigbanuwo kpakple Mawu ƒe agbadɔ la ŋu vɔ, 26 kpɔ, si ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eŋuti vɔwo, agbadɔ ŋu kawo kple eŋu nu bubuawo kpakple kpɔnuvɔ la dzi. 27 Kehat-hawo nye. Amram-viwo ƒe ƒome, Yizhar-viwo ƒe ƒome, Xebron-viwo ƒe ƒome kple Uziel-viwo ƒe ƒome. Woawo nye Kehat ƒomeawo. 28 Ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe enyi alafa ade, woawo nakpɔ kɔkɔeƒe la me nuwo dzi. 29 Kehat ƒome la naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axa dzi le dziehe gome. 30 Kehat ƒome la ƒe amegã nye Elzafan, Uziel vi. 31 Woƒe dɔe nye be, woakpɔ aɖaka la kple kplɔ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiwo kple kɔkɔeƒe la me nuwo kpakple xɔmetsovɔ la kple nu bubuawo dzi. 32 Lewitɔwo ƒe amegã ƒe tatɔ enye Eleazar, nunɔla Aron ƒe vi, eƒe dɔe nye be, wòakpɔ amesiwo le dɔ wɔm le nu kɔkɔeawo ŋu la dzi. 33 Merari-hawo nye: Maxeli-viwo ƒe ƒome kple Musi-viwo ƒe ƒome. Woawo nye Merari ƒomeawo. 34 Wo dome ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve. 35 Merari ƒome la ƒe amegã nye Zuriel, Abixail vi; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axa dzi le anyiehe gome. 36 Merari-viwo ƒe dɔe nye be, woakpɔ nɔƒe la ŋu ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo kple nu bubuawo katã, 37 kpɔtiawo katã kple woƒe afɔwo, tsyotiawo kpakple wo ŋu kawo dzi. 38 Eye Mose kple Aron kpakple viaŋutsuwo ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ le ɣedzeƒe gome. Woƒe dɔe nye be, woawɔ dɔ le kɔkɔeƒe la na Israel-viwo; ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui. 39 Ŋutsu, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema le Lewitɔwo dome, amesiwo Mose kple Aron tia xlẽ, abe alesi Yehowa de se ene la, le ame akpe blave vɔ eve. Alesi woaɖuɖɔ ŋgɔgbedzidziawo. 40 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Tia Israel-viwo ƒe ŋutsu ŋgɔgbeawo katã, amesiwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, eye naŋlɔ woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme di. 41 Tia Lewitɔwo na Yehowa ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe; eye natia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe Israel-viwo ƒe lã ŋgɔgbeawo katã teƒe. 42 Eye Mose tia Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã xlẽ, abe alesi Yehowa de se ne ene. 43 Eye ŋutsu ŋgɔgbeawo katã, amesiwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe blave va eve alafa eve blaadre va etɔ̃. 44 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 45 Tia Lewitɔwo nam ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye tia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe woƒe lãwo teƒe, bena Lewitɔwo nanye Yehowa tɔ. 46 Ke woaxe fe ɖe ame alafa eve blaadre vɔ etɔ̃, siwo Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ sɔ gbɔ wu Lewitɔwo la ta; 47 naxa sekel kokoe atɔ̃ ɖe ame ɖeka ta; gera blave nanye sekel ɖeka. 48 Eye natsɔ wo dometɔ, siwo tsi dzi, ƒe ga la ana Aron kple viaŋutsuwo. 49 Eye Mose xɔ sekel kɔkɔe akpe ɖeka alafa etɔ̃ blaade vɔ atɔ̃ 50 le amesiwo Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ sɔ gbɔ wu Lewitɔwo la si. 51 Eye Mose tsa ga la na Aron kple viaŋutsuwo, abe alesi Yehowa gblɔ hede se na Mose ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana