Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kpẽkugbe-vɔsawo.

1 Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe na mi eve miawɔ asinudɔa ɖeke o; kpẽkugbe wòanye na mi.

2 Eye i woatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo, asa numevɔe, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

3 Eve miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsu ɖeka la ŋu eta ƒe ewoliawo eve akpe ɖe agbo la ŋu,

4 eye efa ƒe ewoliawo ɖeka akpe ɖe alẽvi adreawo dome ɖesiaɖe ŋu.

5 Eye woatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe ahatsɔ le avu na mi,

6 hekpe ɖe ɣleti yeye dzi numevɔsa kple eŋu nuɖuvɔsa kpakple gbesiagbe numevɔsa kple, eŋu nuɖuvɔsa ŋuti; eye woawɔ wo ŋu nunovɔsawo ɖe ɖoɖo la nu, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Avuleŋkeke-vɔsawo.

7 Ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia enye takpegbe kɔkɔe na mi, míatsi nu adɔ, eye miawɔ dɔa ɖeke o.

8 Eye miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa; lãwo nasɔ blibo.

9 Eye miatsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo etɔ̃, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsu la ŋu, efa ƒe ewoliawo eve akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,

10 eye efa; ƒe ewoliawo ɖeka akpe ɖe alẽvi adreawo dome ɖesiaɖe ŋu.

11 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe vɔ akpe ɖe nuvɔ̃vɔsa, si wotsɔ lé avui kple gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.


Agbadɔ me nanɔ ŋkekenyuie-vɔsawo.

12 Ɣleti adrelia te ŋkeke wuiatɔ̃lia enye takpegbe kɔkɔe na mi miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.

13 Eye miatsɔ nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ, si enye dzovɔsa la, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa; lãwo nasɔ blibo.

14 Eye miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsu wuietɔ̃awo dome ɖesiaɖe ŋu; efa ƒe ewoliawo eve akpe ɖe agbo eveawo dome ɖesiaɖe ŋu,

15 eye efa ƒe ewolia wo ɖeka akpe ɖe alẽvi wuieneawo dome ɖesiaɖe ŋuti.

16 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

17 Miawu nyitsu wuieve, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke evelia dzi.

18 Eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

19 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

20 Eye miawu nyitsu wuiɖekɛ, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo la, le ŋkeke etɔ̃lia dzi,

21 eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

22 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

23 Miawu nyitsu ewo, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke enelia dzi,

24 eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

25 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

26 Eye miawu nyitsu asieke, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke atɔ̃lia dzi,

27 eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

28 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

29 Miawu nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke adelia dzi,

30 eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

31 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti

32 Eye miawu nyitsu adre, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke adrelia dzi,

33 eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

34 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

35 Ŋkeke enyilia enye takpegbe na mi, eye miawo asinudɔa ɖeke o.

36 Eye miatsɔ nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ, si nye dzovɔsa, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

37 Eye miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu.

38 Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

39 Esiawo miatsɔ asa vɔ na Yehowa le miaƒe ŋkekenyuiewo dzi hekpe ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nunovɔsa kple akpedavɔsa, siwo mieɖe adzɔgbe alo na le mia ɖokui si la ŋuti.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan