Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbesiagbe vɔsawo ŋu se.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.

3 Gblɔ na wo bena: Dzovɔ, si miasa na Yehowa la, enye si: Miatsɔ alẽvi eve, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔe gbesiagbe.

4 Nawu alẽvi ɖeka le ŋdi, eye nawu alẽvi evelia le fiẽ.

5 Eye natsɔ wo memee efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wodzaba kple dzomi hin eneliawo ɖeka la, awɔ nuɖuvɔsae.

6 Esia nye numevɔ, si wosa gbesiagbe le Sinai-to la gbɔ, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.

7 Eye woatsɔ nunovɔsa hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Woatsɔ wein, si nye nunovɔsa la, asa vɔe le kɔkɔeƒe la le Yehowa ŋku me.

8 Eye nawɔ alé evelia ŋu dɔ le fiẽ me, eye nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nakpe ɖe eŋu, abe ŋdi ke ene; ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Sabat kple ɣleti yeye ŋu vɔsawo.

9 Eye nawɔ alẽvi eve, siwo naneke mewo afia ɖeke na o, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, ŋu dɔ le dzudzɔgbe la dzi, eye natsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsae, eye nunovɔsa nakpe ɖe eŋu.

10 Esia nye numevɔ, si woasa le dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe dzi hekpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple eŋu nunovɔsa ŋuti.

11 Gbesigbe ɣleti dze dzi la, miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ na Yehowa.

12 Eye miatsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo etɔ, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,

13 eye miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Numevɔsa, si aʋẽ lilili, kple dzovɔsa wònye na Yehowa.

14 Eye miatsɔ wein hin afã awɔ nunovɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; hin etɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Esia nye numevɔsa le gbesigbe ɣleti sia ɣleti dze dzi le ƒe la me.

15 Eye miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe na Yehowa akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nunovɔsa la ŋu.


Ŋutitoto-vɔsawo

16 Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa.

17 Eye ɣleti sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia enye ŋkekenyuie; woaɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre sɔŋ.

18 Ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe, eye wòmã wɔ asinudɔa ɖeke o.

19 Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wòsɔ blibo la, asa dzovɔ, si enye numevɔsa na Yehowa;

20 eye miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; efa ƒe ewoliawo eve akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,

21 eye eta ƒe ewoliawo ɖeka akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu.

22 Eye woatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, ne wòalé avu na mi.

23 Miasa vɔ sia akpe ɖe gbesiagbe numevɔ, si wosana le ŋdi la ŋu.

24 Alea miasa vɔe gbesiagbe ŋkeke adre sɔŋ, ne wòanye nuɖuvɔsa kple dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa, akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nunovɔsa ŋuti.

25 Eye ŋkeke adreagbe enye takpegbe kɔkɔe na mi, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Pentekosteŋkeke vɔsawo.

26 Gbesigbe mieŋe nu gbãtɔwo, eye mietsɔ nuɖuɖu yeyewo sa vɔ na Yehowa le miaƒe kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie dzi la, enye takpegbe kɔkɔe na mi, miawɔ asinudɔa ɖeke o.

27 Eye miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka asa numevɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

28 Eye miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wodzaba kple ami, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; efa ƒe ewoliawo eve akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,

29 eye efa ƒe ewoliawo ɖeka akpe de alẽviawo dome ɖesiaɖe ŋu.

30 Emegbe woatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka alé avu na mi.

31 Esiawo miatsɔ asa vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti; lãwo nasɔ blibo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan