4 Mose 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Alesi vinyɔnuviwo nanyi dome. 1 Eye Zelofxad, amesi nye Xefer vi, amesi nye Gilead vi, amesi nye Maxir vi, amesi nye Manase vi la, ƒe vinyɔnuwo tso Manase, Yosef vi, ƒe ƒome la me va; vianyɔnuawo ƒe ŋkɔwo nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza. 2 Eye wotsi tre ɖe Mose kple nunɔla Eleazar, amegãwo kpakple ha blibo la ŋku me le, Mawu ƒe agbadɔ la nu hegblɔ bena: 3 Mía fofo ku le gbeadzi, ke menɔ Korax ƒe ha, si dze aglã ɖe Yehowa ŋu la dome o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ tae woku ɖo, eye viŋutsua ɖeke mele esi o 4 Nukaŋuti mía fofo ŋkɔ atsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, le esi viŋutsu mele esi o ta? Eyata na anyigba mi ɖe mia fofo nɔviwo dome. 5 Eye Mose tsɔ woƒe nya la va Yehowa ŋku me. 6 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: 7 Zelofxad-vinyɔnuawo gblɔe ɖe teƒe; eyata na domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, eye nana wo fofo ƒe, domenyinu nayi ɖe wo si me. 8 Eye nagblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, ekema eƒe domenyinu nayi ɖe vianyɔnu si me. 9 Ke ne vinyɔnua ɖeke mele esi o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na nɔviaŋutsuwo. 10 Ne nɔviŋutsua ɖeke mele esi o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na fofoa nɔviŋutsuwo. 11 Ke ne nɔviŋutsua ɖeke mele fofoa si o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na eƒe ƒometɔ kekeake, amesi te ɖe eŋu le eƒe ƒome la me, eya nanyi doame. Wòanye se kple ɖoɖo na Israel-viwo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. Yosua zu Mose vomedzela. 12 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: De Abarim-to dzi, eye nakpɔ anyigba, si mele Israel-viwo na ge la ɖa! 13 Eye ne ekpɔe vɔ la, wò hã nayi tɔgbuiwowo goɔ, abe alesi nɔviwò Aron yii ene. 14 Elabena miesẽ to ɖe nye nya ŋu le Zin-gbedzi, le esime ha la wɔ dzre, eye miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le woƒe ŋku me o. Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedzi. 15 Tete Mose ƒo nu kple Yehowa bena: 16 Yehowa, si nye gbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me, ƒe Mawu la, natia ŋutsua ɖe aɖo ha la nu, 17 amesi ado kpli wo, eye wòagagbɔ kpli wo, amesi akplɔ wo adoe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, bena Yehowa ƒe ha la maganɔ abe alé, siwo nu kplɔla mele o la, ene o. 18 Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Yɔ Yosua, Nun vi, ŋutsu, si me gbɔgbɔ la le la, eye natsɔ wò asi aɖo edzi, 19 eye nakplɔe ava nunɔla Eleazar kple ha blibo la gbɔ, eye nade se nɛ le wo ŋku me, 20 eye naɖe bubu, si le ŋuwò la, ɖe aɖa ɖe edzi, bena Israel-viwo ƒe ha blibo la naɖo toe. 21 Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo. 22 Eye Mose wɔ, abe alesi Yehowa de se nɛ ene; èkplɔ Yosua ɖo nunɔla Eleazar kple ha blibo la ŋku me, 23 eye wotsɔ eƒe asiwò ɖo edzi, eye wòde se nɛ, abe alesi Yehowa ƒo nu kple Mose ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana