4 Mose 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wogaxlẽ dukɔ la me towo le anyigba mamã ta. 1 Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, nunɔla Aron vi bena: 2 Mixlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ le Israel-viwo ƒe ha blibo la me, le wo fofowo ƒe aƒewo nu: amesiwo katã ate ŋu ade aʋa le Israel. 3 Eye Mose kple nunɔla Eleazar fia wo xlẽ le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa; 4 amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. Israel-vi, siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si: 5 Ruben enye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben viwo nye: Xanok, amesi dzi Xanok-ƒome la; Palu, amesi dzi Palu-ƒome la; 6 Xezron, amesi dzi Xezron-ƒome la, Karmi, amesi dzi Karmi-ƒome la. 7 Esiawo nye Ruben-hawo ƒe ƒomewo Amesiwo wolia xlẽ le wo me la, le ame akpe blane vo etɔ̃ alafa adre blaetɔ̃. 8 Palu vi enye Eliab. 9 Eye Eliab viwo nye Nemuel, Datan kple Abiram. Woawo nye Datan kple Abiram mawo, siwo nye adaŋudelawo le ha la dome, eye wowɔ dzre kple Mose kple Aron, le esime Korax ƒe ha la wo dzre kple Yehowa, 10 eye anyigba ke nu mi wo kpe ɖe Korax ŋu, eye ha la ku, eye dzo fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃awo, eye wòzu ŋkuɖodzinu la. 11 Ke Korax viwo ya meku o. 12 Simeon viwo nye si le woƒe ƒomewonu: Nemuel, amesi dzi Nemuel-ƒome la, Yamin, amesi dzi Yamir-ƒome la; Yakin, amesi dzi Yakin-ƒome la; 13 Sera, amesi dzi Sera-ƒome la; Saul, amesi azi Saul-ƒome la; 14 Simeon-hawo ƒe ƒome la le ame akpe blave vɔ eve alafa eve. 15 Gad viwo nye si le woƒe ƒomewo nu Zifon, amesi dzɔ Zifon-ƒome la; Xagi, amesi azi Xagi-ƒome la; Suni, amesi dzi Suni-ƒome la; 16 Osni, amesi dzi Osni-ƒome la; Eri, amesi dzi Eri-ƒome la; 17 Arod, amesi dzi Arod-ƒome la; Areli, amesi dzi Areli-ƒome la. 18 Esiawo nye Gad viwo te woƒe ƒomewo nu, amesiwo wolia xlẽ la le ame akpe blane alafa atɔ̃. 19 Yuda viwo nye Ger kple Onan, ke Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi. 20 Yuda viwo nye si le woƒe ƒomewo nu Sela, amesi dzi Sela-ƒome la; Perez, amesi dzi Perez-ƒome la; Sera, amesi dzi Sera-ƒome la; 21 Perez viwo nye si Xezion, amesi dzi Xezron-ƒome la; Xamul, amesi dzi Xamul-ƒome la. 22 Amesiwo wotia xlẽ le Yuda-ƒome la me la; le ame akpe blaadre vɔ ade alafa atɔ̃. 23 Isaxar viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Tola, amesi dzi Tola-ƒome la; Puwa, amesi dzi Puwa-ƒome la; 24 Yasub, amesi dzi Yasub-ƒome la; Simron, amesi dzi Simron-ƒome la. 25 Amesiwo wotia xlẽ le Isaxar-ƒome la me la, le ame akpe blaade vɔ ene alafa etɔ̃. 26 Zebulon viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Sered, amesi dzi Sered-ƒome la; Elon, amesi dzi Elon-ƒome la; Yaxleel, amesi dzi Yaxleel-ƒome la. 27 Amesiwo wotia xlẽ le Zebulon-ƒome la me la, le ame akpe blaade kple alafa atɔ̃. 28 Yosef viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Manase kple Efrayim. 29 Manase viwo nye: Maxir, amesi dzi Maxir-ƒome la; Maxir dzi Gilead, eye Gilead dzi Gilead-ƒome la. 30 Gilead viwo nye si Yezer, amesi dzi Yezer-ƒome la; Xelek, amesi dzi Xelek-ƒome la; 31 Ariel, amesi dzi Ariel-ƒome la; Sixem, amesi dzi Sixem-ƒome la; 32 Semida, amesi dzi Semida-ƒome la; Xefer, amesi dzi Xefer-ƒome la. 33 Ke Zelofxad, Xefer vi, medzi ŋutsuvia ɖeke o, negbe nyɔnuviwo ko. Zelofxad vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwo nye Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza. 34 Esia nye Manase-ƒomeawo, eye amesiwo wotia xlẽ le wo dome la, le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre. 35 Efrayim viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Sulelax, amesi dzi Sulelax-ƒome la; Bexer, amesi dzi Bexer-ƒome la; Taxan, amesi dzi Taxan-ƒome la. 36 Sutelax vi nye Eran, amesi dzi Eran-ƒome la. 37 Amesiwo wolia xlẽ le Efrayim viwo ƒe ƒome la me la, le ame akpe blaetɔ̃ vɔ eve alafa atɔ̃. Esiawo nye Yosef viwo le woƒe ƒomewo nu. 38 Benyamin viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Bela, amesi dzi Bela-ƒome la; Asbel, amesi dzi Asbel-ƒome la; Axiram, amesi dzi Axiram ƒome la; 39 Sefufam, amesi dzi Sefufam-ƒome la; Xufam, amesi dzi Xufam-ƒome la. 40 Bela viwo nye. Ard kple Naaman: Ard dzi Ard-ƒome la; eye Naaman dzi Naaman-ƒome la. 41 Esiawo nye Benyamin viwo le woƒe ƒomewo nu, eye amesiwo wotia xlẽ le wo dome la, le ame akpe blane vɔ atɔ̃ alafa ade. 42 Dan viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Suxam, amesi dzi Suxam-ƒome la. Esia nye Dan viwo le woƒe ƒomewo nu. 43 Amesiwo katã wotia xlẽ le Suxam-ƒome la me la, le ame akpe blaade vɔ ene alafa ene. 44 Aser viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Yimna, amesi dzi Yimna-ƒome la; Yiswi, amesi dzi Yiswi-ƒome la; Beria, amesi dzi Beria-ƒome la. 45 Beria viwo nye Xeber, amesi dzi Xeber-ƒome la; Malkiel, amesi dzi Malkiel-ƒome la. 46 Aser vinyɔnu ŋkɔ nye Sarax. 47 Amesiwo wotia xlẽ le Asir viwo ƒe ƒome la me la, le ame akpe blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene. 48 Naftali viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Yaxzeel, amesi dzi Yaxzeel-ƒome la; Guni, amesi dzi Guni-ƒome la; 49 Yezer, amesi dzi Yezer-ƒome la; Silem, amesi dzi Silem-ƒome la. 50 Esia nye Naftali viwo le woƒe ƒomewo nu, eye amesiwo wotia xlẽ le wo me la, le ame akpe blane vɔ atɔ̃ alafa ene. 51 Amesiwo wotia xlẽ le Israel-viwo me la, le ame akpe alafa ade kple ɖeka alafa adre blaetɔ̃. 52 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 53 Ame siawoe woamã anyigba la na wòazu woƒe domenyinu le ŋkɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu. 54 Nana domenyinu la amesiwo sɔ gbɔ la, wòalolo, eye amesiwo le ʋee la, ƒe domenyinu nanɔ ʋee; woana domenyinu la ɖe amesiwo wotia xlẽ la nu. 55 Ke woadzidze nu hafi amã anyigba la, eye woaxɔ domenyinu la ɖe wo fofowo ƒe toawo ƒe ŋkɔwo nu. 56 Woadzidze nu hafi amã domenyinu la na amesiwo sɔ gbɔ kple amesiwo le ʋee. 57 Esiawo nye amesiwo wotia xlẽ le Lewi-viwo dome, le woƒe ƒomewo nu: Gerson, amesi dzi Gerson-ƒome la; Kehat, amesi dzi Kehat-ƒome la; Merari, amesi dzi Merari-ƒome la. 58 Lewi-ƒomeawo nye si: Libni-ƒome la, Xebron-ƒome la, Maxeli-ƒome la, Musi-ƒome kple Kora-ƒome la, Kehat enye amesi dzi Amram. 59 Amram srɔ̃ ŋkɔ nye Yoxebed, nyɔnuvi, si wodzi na Lewi le Egipte, eye wòdzi Aron, Mose kple wo nɔvinyɔnu Miryam na Amram. 60 Eye wodzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar na Aron. 61 Ke Nadab kple Abihu ku, elabena wotsɔ dzo bubu va Yehowa ŋku me. 62 Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o. 63 Esiawo nye Israel-vi, siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab-tagba, le Yordan nu le Yerixo kasa. 64 Ke Israel-vi, siwo Mose kple nunɔla Aron tia xlẽ le Sinai-gbedzi la, dometɔa ɖeke mele ame siawo dome o. 65 Elabena Yehowa gblɔ na wo bena. Woaku le gbeadzi, eye wo dometɔa ɖeke masusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana