Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel ƒe ahasiwɔwɔ kple trɔsubɔsubɔ ŋuti tohehe.

1 Esi Israel le Sitim la, dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo.

2 Wokpe dukɔ la va woƒe mawuwo ƒe vɔsanu wo ɖuƒe, eye dukɔ la du nu, eye wòde ta agu na woƒe mawuwo.

3 Eye Israel ku de Baal-Peor ŋu; eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.

4 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!

5 Eye Mose gblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo bena: Amesiame nawu nɔvia, si ku ɖe Baal-Peor ŋu la!

6 Esi wole avi fam le Mawu ƒe agbadɔa nu la, Israel-ŋutsua ɖe kplɔ Midian-nyɔnua ɖe va wo tɔwo gbɔe le Mose kple Israel-viwo ƒe ha blibo la ŋku me.

7 Eye esi Pinehas, nunɔla Aron vi Eleazar ƒe viŋutsu, kpɔe la, etsi tre le ha la dome, eye wòtsɔ akplɔ ɖe asi

8 heti Israel-ŋutsu la yome yi xogã me, eye wòƒo nu ɖe Israel-ŋutsu la kple nyɔnu la siaa ƒe dome floi. Tete dɔvɔ̃ la nu tso le Israel-viwo dome.

9 Amesiwo dɔvɔ̃a wu la, le ame akpe blave vɔ ene.

10 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

11 Pinehas, nunɔla Aron vi Eleazar ƒe viŋutsu, enye amesi na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome; eyaŋuti nyemevã nu tsrɔ̃ Israel-viwo o.

12 Eyata gblɔ bena Meɖo kpe ŋutifafa-nubabla dzi nɛ,

13 eye metso nunɔladɔ la de asi na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, elabena ena ŋu ɖe eƒe Mawu nu, eye wòlé avu na Israel-viwo.

14 Israel-ŋutsu, si wowu hekpe ɖe Midian-nyɔnua ŋu la ŋkɔ nye Simri, amesi nye amegã Salu, si le Simeon viwo fofo ƒe aƒe nu la, ƒe viŋutsu

15 Eye Midian-nyɔnu, si wowu la, ŋkɔ nye Kosbi, amegã Zur, amesi nye Midian-tɔwo ƒe to ɖeka ƒe amegã la, ƒe vinyɔnu.

16 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

17 Mile fu Midiantɔwo, eye miawu wo,

18 elabena wòlé fu mi, eye wòto aye me tsɔ Peor kple wo de nyɔnu Kosbi, si nye Midian-amegã ɖeka ƒe vinyɔnu, amesi wowu le gbesigbe dɔvɔ̃ va le Peor ta la, tre mɔ̃ na mi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan