Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Bileam gagblɔ nu nyui ɖi le Israel ŋu.

1 Esi Bileam kpo bena, edze Yehowa ŋu be, wòayra Israel la, megayi afã ka ge abe tsã ene o, boŋ etrɔ mo ɖe gbedzi gome.

2 Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,

3 eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Ale Bileam, Beor vi, gblɔ esi, eye ale ŋutsu, si ƒe ŋku ʋu la, gblɔ esi:

4 Amesi sea Mawu ƒe nyawo, ƒe gbe enye si, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te:

5 Oo, Yakob, wò agbadɔwo dze ani loo! Israel, wò nɔƒewo nyo loo!

6 Ele abe alesi tɔʋu mlo ɖe nu le bali me ene; eye wòɖi aba le tɔsisi to, ele abe aloeti, siwo Yehowa do ene, eye wòɖi seder le to to.

7 Tsi gbagba eƒe tɔkpowo, eye wòƒã nu ɖe tɔ geɖewo to. Eƒe fia xɔ ŋkɔ wu Agag, eye eƒe fiaɖuƒe keke ɖe nu.

8 Mawu, si kplɔe tso Egipte la, le nɛ abe to ƒe dzowo ene; aɖu dukɔ, siwo nye eƒe futɔwo, eye woagbã woƒe ƒuwo, eye wòatsɔ eƒe da atsrɔ̃ wo.

9 Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Ɣletivi tso Yakob.

10 Tete Balak do dɔmedzoe ɖe Bileam ŋu, eye Balak si akpe hegblɔ na Bileam bena: Meyɔ wò vɛ, bena naƒo fi ade nye futɔwo nam loa, ɖeko nètsɔ wo yra zi etɔ sɔŋ.

11 Eyata netsɔ nayi mia de! Ɖe mebe, made bubu ŋuwò pete hafi, gake Yehowa te bubu la wò.

12 Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Ɖe nyemegblɔ na wò amesiwo nèɖo ɖe gbɔnye la bena:

13 Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu ada Yehowa ƒe se la dzi awɔ nyui alo vɔ̃ le ɖokuinye si o, negbe nya, si Yehowa alo la, eya ko magblɔ oa?

14 Azɔ mele mía detɔwo gbɔ yi ge; eyata magblɔ nusi dukɔ sia le wò dukɔ wɔ ge le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la, fia wò.

15 Eye wòdo eƒe numegbe la gblɔ bena: Ale Bileam, Beor vi, gblɔ esi, ale ŋutsu, si ƒe ŋku ʋu la, gblɔ esi.

16 Amesi sea Mawu ƒe nyawo la, ƒe gbe enye si, amesi dzea si dziƒoʋitɔ ƒe susuwo, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te.

17 Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.

18 Woaxɔ Edom ƒe anyigba, eye woaxɔ eƒe futɔ Seir hã ƒe anyigba; ke Israel ya akpɔ ŋusẽ.

19 Ame atso Yakob me aɖu dzi, eye wòawu amesiwo kpɔtɔ ɖe duwo me.

20 Esi wòkpɔ Amalekitɔwo la, edo eƒe numegbe la gblɔ bena: Amalek enye gbãtɔ le dukɔwo dome; ke mlɔeba la ava tsrɔ̃ tsã!

21 Eye esi wòkpɔ Kemtɔwo la, edo eƒe numegbe la gblɔ bena: Wò nɔƒe sesẽ, eye nèwɔ alɔ ɖe agakpewo dzi.

22 Ke woatsrɔ̃ wò Kain ya, eye ekpɔtɔ vie, Asur naɖe aboyo wò.

23 Eye wògado eƒe numegbe la gblɔ bena: Alele! ameka anɔ agbe, ne Mawu awɔ nusia?

24 Ʋuwo atso Kitim, ava bɔbɔ Asur kple Eber ɖe anyi, eye woatsrɔ̃ eya hã.

25 Emegbe Bileam dze mɔ, eye wògbugbɔ va wo ɖe, eye Balak hã lé eƒe mɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan