4 Mose 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu na Bileam ƒe Mede trɔ zu yayra zi eve. 1 Eye Bileam gblɔ na Balak bena: Na woaɖi vɔsamlekpui adre ɖe afisia nam, eye woakplɔ nyitsu adre kple agbo adre vɛ nam. 2 Eye Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye Balak kple Bileam tso nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi. 3 Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi. 4 Tete Mawu ɖe eɖokui tia Bileam, eye eya gblɔ bena: Meɖi vɔsamlekpui adre, eve metsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi. 5 Eye Yehowa de nya nu na Bileam, eye wogblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nui! 6 Tete wogbugbɔ va egbɔ, eye kpo ɖa, eya kple Moab-amegãwo le tsitre ɖe eƒe numevɔsa la gbɔ. 7 Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam! 8 Aleke maƒo fi de amesi Mawu meƒo fi de o, eye mado ɖiŋu na amesi Yehowa medo ɖiŋu na o? 9 Agakpewo tame mele kpɔ wo ɖa, eye togbɛwo dzi mele kpɔ wo. Kpɔ ɖa, dukɔ la ɖe ɖe aga, eye mebua eɖokui ɖe dukɔ bu bu wo do me o. 10 Ameka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ke, eye ameka axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Maku abe ame dzɔdzɔewo ene, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene! 11 Tete Balak gblɔ na Bileam bena: Nuka nye esia nèwɔ ɖe ŋunye? Meyɔ wo vɛ, be naƒo fi ade nye futɔwo nam loo, ɖeko nètsɔ wo yra! 12 Eɖo ŋu gblɔ be: Ɖe mele nam be, magblɔ nya, si Yehowa de nunye la pɛpɛpɛ oa? 13 Eye Balak gblɔ nɛ bena: Va miyi teƒe bubu, afisi nakpɔ wo le, ke mèle wo kpɔ ge blibo o, negbe woƒe mlɔenu ko nakpɔ; afima naƒo fi ade wo nam le. 14 Eye wòkplɔe yi ɖe Pisga-to tame, afisi gbetasrãlawo nɔna, eye wòɖi vɔsamlekpui adre hetsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vo le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi. 15 Eye wogblɔ na Balak bena: Tsi tre ɖe wo numevɔsa gbɔ afi, eye mayi aɖado go ame le afime. 16 Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Bileam, eye wòde nya enu, eye wògblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nu. 17 Esi wòva egbɔ la, kpo ɖa, ele tsitre ɖe eƒe numevɔsa la gbɔ, eye Moab-amegãwo le egbɔ. Eye Balak gblɔ nɛ bena: Aleke Yehowa gblɔ? 18 Tete wòdo eƒe numegbe la bena: Tsi tre, Balak, nase gbe! Zipor vi, le to de ŋunye! 19 Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa? 20 Kpɔ ɖa yayra mexɔ vɛ: eye ne eya yra la, nyea nyemate ŋu atrɔe o. 21 Womekpɔ dzɔgbevɔ̃e le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome. 22 Mawu, si kplɔe tso Egipte la, le nɛ abe to ƒe dzo ene. 23 Dzo mate Yakob ŋu o, eye afã aŋe vo ɖe Israel ŋu. Azɔ ko woagblɔ le Yakob kple Israel ŋu be: Nu gã ka nye esi Yehowa wɔa? 24 Kpɔ ɖa, dukɔ la tso abe dzatanɔ ene, eye wòto abe dzatatsu ene. Mele akɔ tsyɔ ge anyi o, negbe ɖeko wòaɖu eƒe nuléle, eye wòano amesiwo wowu ƒe ʋu hafi. 25 Tete Balak gblɔ na Bileam bena: Megaƒo fi de wo o, eye megayra wo hã o! 26 Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak bena: Nyemegblɔ na wò be: Nya sia nya, si Yehowa agblɔ la, eya mawɔ oa? 27 Emegbe Balak gblɔ na Bileam bena: Va, makplɔ wò yi teƒe bubu, ɖewohĩ adze Mawu ŋu, bena naƒo fi ade wo nam tso afima. 28 Eye Balak kplɔ Bileam yi Peor-to, si dze ŋgɔ gbegbe la tame. 29 Eye Bileam gblɔ na Balak bena: Ɖi vɔsamlekpui adre ɖe afisia nam, eye nakplɔ nyitsu adre kple agbo adre vɛ nam. 30 Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye wòtsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana