Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woda Bileam, be wòaƒo fi ade Israel-viwo.

1 Eye Israel-viwo ho heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba, le Yordan godo le Yerixo kasa.

2 Esi Balak, Zipor vi, kpɔ nusi Israel-viwo wɔ Amoritɔwo la,

3 vɔvɔ̃ le Moab ŋutɔ le dukɔ la ŋu, elabena esɔ gbɔ akpa, eye dzidzi ƒo Moab le Israel-viwo ŋu.

4 Eye Moab gblɔ na Midian-ame tsitsiwo bena: Ameha, si ɖe to ɖe mí la, le mía ɖu ge, abe alesi nyi ɖua gbe le gbe mee ene. Balak, Zipor vi, enye Moab-fia le ɣemaɣi me.

5 Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Bileam, Beor vi gbɔ, le Petor le tɔsisi la nu le edetɔwo ƒe anyigba dzi, bena woayɔe vɛ hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe nye si ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eye wòƒu asaɖa anyi ɖe mia kasa.

6 Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam, elabena ekpe dzinye! Ɖewohi mate ŋu aɖu edzi, eye manyãe ɖa le anyigba la dzi. Elabena menyae bena, amesi neyra la, eya ŋu yayra nɔna, eye amesi ne ƒo fi de la, eya ŋu fiƒode nɔna.

7 Esi Moab-ame tsitsiwo kple Midian-ame tsitsiwo xɔ afãkaho la, wodze mɔ, eye wova Bileam gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyawo nɛ.

8 Eɖo ŋu na wo bena: Mitsi afisia dɔ, emegbe magblɔ, alesi Yehowa ato nam la na mi. Eye Moab-amegãwo tsi Bileam gbɔ.

9 Eye Mawu va Bileam gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu kawo nye siawo le gbɔwò?

10 Bileam ɖo ŋu na Mawu bena: Balak, Zipor vi, Moab-fiae, dɔ ame ɖe gbɔnye bena:

11 Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eyata va naƒo fi aɖee nam. Ɖewohi mate ŋu awɔ aʋa kplii, eye manyãe ɖa.

12 Tete Mawu gblɔ na Bileam bena: Megayi kpli wo o, eye megaƒo fi ɖe dukɔ la o, elabena woyrae xoxo!

13 Eye esi Bileam fɔ ŋdi la, egblɔ na Balak ŋu megãwo bena: Migbugbɔ yi mia ɖe, elabena Yehowa gbe be, nyemagayi kpli mi o.

14 Eye Moab-amegãwo dze mɔ va Balak gbɔ gblɔ bena: Bileam gbe be, yemayi kpli mí o.

15 Ke Balak gadɔ amegã geɖewo, amesiwo ŋu bubu le wu gbãtɔwo la ɖa.

16 Eye wova Bileam gbɔ hegblɔ nɛ bena: Ale Balak, Zipor vi, gblɔ esi: Megana woaxe mɔ na wò be, magava gbɔnye o.

17 Elabena made bubu ŋuwò ŋutɔ, eye nusianu, si nagblɔ nam la, mawɔe. Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam dzro!

18 Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak ƒe dɔlawo bena: Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu aɖa Yehowa, nye Mawu, ƒe se dzi ahayi nu sue alo nu gãa ɖeke wɔ ge o.

19 Ke miawo hã mitsi afisia dɔ, bena mase nya, si Yehowa agagblɔ nam.

20 Eye Mawu va Bileam gbɔ le zã me gblɔ nɛ bena: Nenye yɔ wò ge ŋutsu siawo va la, ekema fɔ, ne nayi kpli wo; gake alesi magblɔ nawò la, nenema ko nawɔ.


Bileam ƒe tedzinɔ ƒo nu.

21 Tete Bileam fɔ ŋdi, bia akpa na eƒe tedzinɔ, eye wòyi kple Moab-amegãwo.

22 Ke esi wòyi la, Mawu do dɔmedzoe, eye Yehowa ƒe dɔla va tso mɔ nɛ, bena woatsi tre ɖe eŋu. Eya ŋutɔ do tedzinɔ, eye eƒe subɔla eve kpe ɖe eŋu.

23 Eye tedzinɔ la kpɔ alesi Yehowa ƒe ɖɔla tsi tre ɖe mɔ dzi di yi ɖe asii, eyata wòdze le mɔ dzi ɖe gbe me. Ke Bileam ƒo tedzi la, be wòagatrɔe va mɔ dzi.

24 Emegbe Yehowa ƒe dɔla va tsi tre ɖe weinbɔwo ƒe kpɔdomee mɔ, si ƒe akpawo kple eve gli le la dzi.

25 Esi tedzinɔa kpɔ Yehowa ƒe dɔla la, edze ɖe gli ŋu, eye wòmimi Bileam ƒe afɔ ɖe gli ŋu; eyata wògaƒoe ke.

26 Eye Yehowa ƒe ɖɔla la gayi ŋgɔ va tsi tre ɖe teƒe xaxɛa ɖe, afisi mɔa ɖeke mele be, wòadze ɖe ɖusi alo mia me o.

27 Esi tedzinɔ la kpɔ Yehowa ƒe dɔlaa la, etsyɔ akɔ anyi ɖe Bileam te. Tete Bileam do dɔmedzoe, eye wòƒo tedzinɔ la kple ati.

28 Eye Yehowa ʋu nu na tedzinɔ la wògblɔ na Bileam bena. Nuka mewo wò, hafi nèƒom zi etɔ̃ sɔŋ?

29 Bileam ɖo ŋu na tedzinɔ la bena: Esi nedo tsukunɔm ta! Ɖe wònye yie le asinye la, ne mewu wò gɔ̃!

30 Tedzinɔ la gblɔ na Bileam bena: Menye nyee nye wò tedzinɔ, si nèdo le wò agbe me ŋkekewo katã me va do egbee oa? Alo mewɔ ale nu ɖe ŋuwò kpɔa? Eɖo ŋu be: Kpao!

31 Eye Yehowa ʋu Bileam ƒe ŋkuwo wòkpɔ, alesi Yehowa ƒe dɔla tsi tre ɖe mɔ dzi ɖi yi ɖe asi. Tete wòde ta agu hetsyɔ mo anyi.

32 Eye Yehowa ƒe dɔla gblɔ ne bena: Nukaŋuti nèƒo wò tedzinɔ la zi etɔ̃ sɔŋ? Evɔ wònye nyee tsi tre ɖe ŋuwò hafi; elabena afɔ, si dzi nèle la, evlo le ŋkunye me.

33 Tedzinɔ la kpɔm, eyata wòdze ɖe aga le ŋkunye me zi etɔ̃ sɔŋ. Ɖe menye eyae dze ɖe aga o la, anye ne mewu wò kokoko ahagblẽ eya ɖe agbe.

34 Bileam ɖo ŋu na Yehowa ƒe ɖɔla la bena: Mewɔ nuvɔ̃, elabena nyemenyae be, wòe tsi tre ɖe ŋunye le mɔ dzi o. Eyata ne medze ŋuwò o la, ekema magbugbɔ.

35 Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Bileam bena: Yi kple ŋutsuawo; gake nya, si mato na wò la, eya ko nagblɔ! Ale Bileam yi kple Balak-ŋu megãwo.

36 Esi Balak se bena, Bileam gbɔna la, eyi ɖakpee le Ir-Moab, du, si le Arnon nu le liƒo dzi kekeake la me.

37 Eye Balak gblɔ na Bileam bena: Ɖe nyemedɔ ame ɖa, be woayɔ wò ve oa? Nukaŋuti metso hiã va gbɔnye oa? Ɖe nèsusu be, nyemate ŋu ade bubu ŋuwò oa?

38 Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Menya va gbɔwò la hafi, gake ɖe mate ŋu agblɔ nyaa ɖea? Negbe nya, si Mawu aɖe nunye la, eya ko magblɔ.

39 Eye Bileam yi kple Balak, eye wova Kiryat-Xuzot.

40 Eye Balak wu nyiwo kple alẽwo sa vɔe, eye wòɖo ɖe ɖe Bileam kple amegã, siwo le egbɔ.

41 Esi ŋu ke la, Balak kplɔ Bileam yi Bamot-Baal, afisi wòkpɔ dukɔ la ƒe mlɔenu le.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan