Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Miryam ƒe ku; tsi do tso kpe me.

1 Le ɣleti gbãtɔ me la Israel-viwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedzi, eye dukɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afima, eye woɖii ɖe afima.

2 Ke tsi mele afima na ha la o. Tete wokpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu.

3 Eye dukɔ la wɔ dzre kple Mose bena: Oo, ɖe miawo hã míeku, esi mia nɔviwo ku le Yehowa ŋku me boŋ la, ne nyo wu!

4 Nukata gɔ̃ miekplɔ Yehowa ƒe ha la va gbe sia dzi, bena mia kple míaƒe lãwo miaku ɖe afisia?

5 Nukaŋuti miekplɔ mí tso Egipte va teƒe baɖa sia, afisi womate ŋu aƒa nu ɖo o, eye gbotiwo, weinkawo kple yevuboɖatiwo mele o, eye tsi hã mele, be woano o.

6 Ke Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wotsyɔ mo anyi; tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.

7 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

8 Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.

9 Tete Mose tso atikplɔ la le Yehowa ŋku me, abe alesi wòde se nɛ ene.

10 Eye Mose kple Aron ƒo ha la nu ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo bena: Misee, mi tosẽlawo! Ɖe míate ŋu ana tsi naɖo tso agakpe sia mena mia?

11 Eye Mose ko eƒe asi dzi tsɔ eƒe atikplɔ ƒo agakpe la zi eve, tete tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo no.

12 Tete Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esi mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋku me o ŋuti la, eyata makplɔ ha sia aɖe anyigba, si matso na wo la dzi o.

13 Esia nye dzrewɔtsi, si ta Israel-viwo wo dzre kple Yehowa ɖo, eye wòna eɖokui ŋu kɔ le wo dome la.

14 Eye Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbã bena: Ale nɔviwò Israel gblɔ esi: Wò ŋutɔ ènya fu, siwo katã dzo ɖe mia dzi.

15 Mía fofowo ʋu va Egipte, eye míenɔ Egipte eteƒe didi; ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía kple mía fofowo ŋu.

16 Eye mieɖo ɣli na Yehowa, eye wose míaƒe gbe hedɔ mawudɔlaa ɖe ɖa wòkplɔ mi tso Egipte; azɔ miele Kades, du, si le wò liƒo ŋu la me.

17 Na míato wò anyigba dzi ayi! Miele agble alo weinbɔwo me to ge o, eye míele vudo me tsi hã no ge o, negbe mɔ gã dzi ko míato, eye míadze ɖe ɖusi alo mia me o, vaseɖe esime míato wò anyigba dzi ayi.

18 Edom ɖo ŋu bena: Mato gbɔnye avi o, ne menye nenem o la, mava kpe mi kple yi.

19 Tete Israel-viwo gblɔ nɛ bena: Dumɔ gã dzi ko miehe, míato ayi, eye ne mia kple miaƒe lãwo mieno wò tsi la, ekema míaxe fe ɖe eta. Afɔ pɛ ko miehe, míatsɔ azɔ edzi ayi, eye miele naneke dim wu esia o.

20 Ke eɖo ŋu be: Mèle eme tso ge ayi o! Eye Edom tsɔ aʋakɔ gã, si sesẽ la, yi ɖakpee.

21 Esi Edom gbe be: Israel mato yeƒe anyigba dzi: ayi o la, eyata Israel godo mo to eŋu.


Aron ƒe ku.

22 Eye Israel ƒe ha blibo la ho tso Kades heva Hor-to la gbɔ.

23 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Hor-to la gbɔ le Edom-nyigba ƒe liƒo dzi bena:

24 Aron nayi tɔgbuiawo gbɔ; elabena mele anyigba, si matsɔ na Israel-viwo la, dzi de ge o, le esi miesẽ to ɖe nye sea ŋu le dzrewɔtsia gbo la ta.

25 Kplɔ Aron kple viaŋutsu Eleazar yi Hor-to la dzi,

26 eye naɖe awuawo le Aron ŋu ado na viaŋutsu Eleazar; ke Aron naku le afima.

27 Mose wo, abe alesi Yehowa de se nɛ ene. Eye wolia Hor-to la le ha blibo la ŋku me.

28 Eye Mose ɖe awuawo le Aron ŋu heɖo na viaŋutsu Eleazar. Eye Aron ku le to la tame, eye Mose kple Eleazar ɖi tso to la dzi

29 Eye esi ha blibo la kpo bena, Aron megali o la, Israel ƒe aƒe blibo la fa Aron ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan