Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Towo ɖoɖo le asaɖa me.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron bena:

2 Israel-viwo naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga, si nye wo fofowo ƒe to ƒe dzesi la gbɔ; woaƒu asaɖa anyi aƒo xlã Mawu ƒe agbadɔ la godoo va kpe.

3 Yuda-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣedzeƒe gome. Yuda-viwo ƒe amegã nye Naheson, Aminadab vi,

4 amesi ƒe ana wɔlawo le ame akpe blaadre vo ene alafa ade.

5 Isaxar-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa, Isaxar viwo ƒe amegã nye Netaneel, Zuar vi,

6 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃ vɔ ene alafa ene.

7 Eye Zebulon-to la nakpe ɖe wo ŋu. Zebulon viwo ƒe amegã nye Eliab. Xelon vi,

8 amesi ƒe, aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃ vo adre alafa ene.

9 Aʋawɔla, siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me hamehame la, le ame akpe alafa ɖeka blanyi vo ade alafa ene. Ame siawo natre hoho.

10 Ruben-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbã hamehame le dziehe gome. Ruben-viwo ƒe amegã nye Elizur, Sedeur vi,

11 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blane vo ade alafa atɔ̃.

12 Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon-viwo ƒe amegã nye Selumiel, Zurisadai vi,

13 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃ vɔ asieke alafa etɔ̃.

14 Eye Gad-to la nakpe ɖe wo ŋu Gad-viwo ƒe amegã nye Elyasaf, Reguel vi,

15 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blane vɔ atɔ̃ alafa ade blaatɔ̃.

16 Aʋawɔla, siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me hamehame la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ ɖeke alafa ene blaatɔ̃. Woawo nanye ha evelia, si aho.

17 Emegbe Mawu ƒe agbadɔ la kple Lewitɔwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la, naho. Alesi woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; amesiame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.

18 Efrayim-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣetoɖoƒe gome. Efrayim-viwo ƒe amegã nye Elisama, Amihud vi,

19 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blane alafa atɔ̃.

20 Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase-viwo ƒe amegã nye Gamliel, Pedazur vi,

21 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ eve alafa eve.

22 Eye Benyamin-to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin-viwo ƒe amegã nye Abidan, Gideoni vi,

23 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene.

24 Aʋawɔla, siwo katã le Efrayim ƒe asaɖa me, hamehame la, le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka. Woawo nanye ha etɔ̃lia, si aho.

25 Dan-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le anyiehe gome. Dan-viwo ƒe amegã nye Axiezer, Amisadai vi,

26 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade vɔ eve alafa adre.

27 Aser-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Aser-viwo ƒe amegã nye Pagiel, Oxran vi,

28 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blane vɔ ɖeke alafa atɔ̃

29 Eye Naftali-to la nakpe ɖe wo ŋu. Naftali-viwo ƒe amegã nye Axira, Enan vi,

30 amesi ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.

31 Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ adre alafa ade. Woawo nanye ha mlɔetɔ, si aho tewòƒe aflagawo nu.

32 Esiawo nye amesiwo wotia xlẽ le Israel-viwo dome le wo fofowo ƒe aƒewo nu Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa me hamehame la, le ame akpe alafa ade kple etɔ alafa atɔ blaatɔ̃.

33 Ke wometia Lewitɔwo xlẽ kpe ɖe Israel-vi bubua wo ŋu o, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

34 Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene. Alesi woƒo asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, amesiame kple eƒe ƒome le wo fofowo ƒe aƒewo nu?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan