4 Mose 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Korax ŋuti mewo dze aglã. 1 Eye Korax, Yizhar vi, amesi nye Lewi vi, Kehat ƒe tɔgbuiyɔvi, hekpe ɖe Eliab viŋutsuwo, Datan kple Abiram, amesiwo nye Ruben vi, Palu ƒe tɔgbuiyɔviwo ŋu, 2 dze aglã ɖe Mose ŋuti, eye Israel-viwo dome ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, amesiwo nye ŋkutatɔwo le ha la dome, eye wonye adaŋudelawo le takpekpewo me kple ame ŋkɔŋuwo la, kpe ɖe wo ŋu. 3 Eye wokpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu hegblɔ na wo bena: Mia tɔ do ɖoɖo akpa! Ha blibo la le kokoe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale? 4 Esi Mose see la, etsyɔ mo anyi. 5 Eye wogblɔ na Korax kple eƒe ha blibo la bena: Etsɔ la Yehowa aɖe amesi nye etɔ, amesi le kɔkɔe, be wòate ɖe eŋu kple amesi wòaha, be woate ɖe eŋu la, afia. 6 Korax kple eƒe ha blibo la, ale miawo enye si: Mitsɔ dzudzɔdosonuwo, 7 eye miaɖe dzo ɖe wo me atsɔ dzudzɔdonu ada ɖe dzi le Yehowa ŋku me etsɔ, eye amesi ke Yehowa atia la, eya nanye ame kɔkɔe. Mi Lewi-viwo, mia tɔ ɖi kpi gbɔ me akpa! 8 Eye Mose gblɔ na Korax bena: Mi Lewi-viwo, mise gbe! 9 Mesɔ gbɔ na mi haɖe be, Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel ƒe ha la me, be miate ɖe eŋu, eye miawɔ dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, mianɔ ha la nu, eve miasubɔ wo oa? 10 Ena mia kple nɔviwò Lewi viwo katã miegogoe tso, azɔ miegale nunɔladɔ hã dima? 11 Eyata Yehowa ŋue mia kple wò ha blibo la mietsi tre ɖo; ameka nye Aron, hafi miele eŋu lĩm? 12 Eye Mose dɔ be, wonɖayɔ Datan kple Abiram, Eliab viwo ve; ke woɖo ŋu bena: Míegbɔna o. 13 Mesɔ gbɔ na wò be, nekplɔ mí tso anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, be nava wu le gbedzi oa? Azɔ nele amegã hã ɖu ge ɖe mía dzia? 14 Mekplɔ mí ɖe anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, ne nahayi agblewo kple weingblewo tsɔ ge na mí hã o! Ɖe nèbe, yeaɖe ŋku le to me na ŋutsu siawoa? Míegbɔna afia ɖeke o! 15 Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o. 16 Eye Mose gblɔ na Korax bena: Mia kple wò ha blibo la miakpe ɖe Aron ŋu ava Yehowa ŋku me etsɔ. 17 Amesiame natsɔ eƒe dzudzɔdosonu, eye woada dzudzɔdonu ɖe eme ava Yehowa ŋku me; dzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ wòanye, amesiame kple etɔ, eye mía kple Aron hã miatsɔ míaƒe dzudzɔdosonuwo vɛ. 18 Tete amesiame tsɔ eƒe dzudzɔdosonu ɖe dzo ɖe eme, eye wotsɔ dzudzɔdonu da ɖe edzi heva Mawu ƒe agbadɔ la nu; Mose kple Aron hã le eme. 19 Eye Korax ƒo ha blibo la nu ƒu ɖe wo ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ha blibo la. 20 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron bena: 21 Mite ɖe aga le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka. Korax ŋuti mewu yi to. 22 Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua? 23 Tete Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 24 Gblɔ na ha la bena: Miɖe megbe le Korax, Datan kple Abiram ƒe aƒewo ŋu! 25 Eye Mose tso yi Datan kple Abiram gbɔ, eye Israel-ame tsitsiwo kplɔe ɖo. 26 Eye wògblɔ na ha la bena: Mite ɖa le ame mavɔ̃mawu siawo ƒe agbadɔwo gbɔ, eye migaka asi woƒe nua ɖeke ŋu, bena miawo hã míagatsrɔ̃ le woƒe nuvɔ̃wo ta o. 27 Tete wode megbe le Korax, Datan kple Abiram ƒe aƒewo ŋu. Ke Datan kple Abiram ɖo go ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wo srɔ̃wo kple woƒe vi tsitsiwo kpakple woƒe vidzĩewo kpe ɖe wo ŋu. 28 Eye Mose gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Yehowae dɔm, be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye dzimee wotso o. 29 Ne ame siawo aku, abe alesi amewo katã kunae ene, eye woahe to na wo, abe alesi wohea to na amewo katãe ene la, ekema menye Yehowae dɔm o. 30 Ke ne Yehowa awɔ nu masekpɔa ɖe, eye anyigba ake nu ami wo kple woƒe nuwo katã, eye wòayi tsiẽ agbagbe la, ekema mianyae bena, ame siawoe do vlo Yehowa! 31 Esi wowu nya siawo nu vɔ la, tete anyigba wo le wo te, 32 eye anyigba ke nu mi wo kple woƒe aƒewo kpakple amesiwo katã le Korax ŋu kple woƒe nuwo katã. 33 Ale woamawo kple woƒe nuwo katã yi tsiẽ agbagbe; anyigba tu ɖe wo nu, eye wobu le ha la dome. 34 Eye Israel blibo la katã, amesiwo ɖe to ɖe wo la, si le woƒe ɣlidodo la ta; elabena wobu be, anyigba le yewo hã mi ge. 35 Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu ve la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana