Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu sewo.

1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne miava anyigba, si matsɔ na mi mianɔ edzi la dzi,

3 eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,

4 ekema amesi na nua Yehowa la, natsɔ wɔ memee, efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wotsɔ ami hin ƒe eneliawo ɖeka dza bae la, awɔ nuɖuvɔsae.

5 Eye natsɔ wein awɔ nunovɔsa akpe ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa la ŋu; hin ƒe eneliawo ɖeka nanɔ alẽvi ɖeka ŋu.

6 Ke natsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo eve, si wotsɔ ami hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka dzabae la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe agbo ɖeka ŋu,

7 eye natsɔ wein hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

8 Ke ne èbe, yeatsɔ nyivi asa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔ na Yehowa la,

9 ekema natsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wotsɔ ami hin afã dzabae la, akpe ɖe nyivi la ŋu,

10 eye natsɔ wein hin afã, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

11 Alea woakpee ɖe nyi sia nyi, agbo sia agbo, alẽvi sia alẽvi kple gbɔ̃vi sia gbɔ̃vi ŋu enye si.

12 Alesi lã, siwo miasa vɔ lae, sɔ gbɔe la, nenema ŋu miawɔ wo ɖo.

13 Ne duamevi sia duamevi sa dzovɔ, be wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la, wòawɔe alea.

14 Ne amedzroa ɖe dze mia gbɔ, alo wòtsi mia dome, eye wòbe yeasa dzovɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la, ekema wòawɔ, abe alesi miewɔna ene.

15 Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na dukɔ blibo la kple amedzrowo siaa. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo; mia kple amedzrowo miesɔ le Yehowa ŋku me.

16 Se ɖeka kple ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na mia kple amedzro, si le mia dome la siaa.


Amɔwɔ ƒe gbɔ̃tɔ.

17 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:

18 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si dzi mele mia kplɔ ge ayii la dzi,

19 eye miekpɔ abolo ɖu le anyigba dzi la, ekema miana adzɔ Yehowa.

20 Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatali ahana; eya nanye adzɔ tso miaƒe lu, siwo mieƒo la me.

21 Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miatsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo ƒe ɖe ana adzɔ Yehowa.


Gbɔdzɔgbɔdzɔ nuvɔ̃ kple tameɖotɔ.

22 Ke ne mieɖe ŋu ɖi heda se, siwo katã Yehowa gblɔ na Mose la, dometɔ ɖeka dzi;

23 miewɔ se, siwo katã Yehowa na Mose de na mi, tso gbesigbe Yehowa de asi sedede me na mi hena miaƒe dzidzimeviwo dzi la, dzi o;

24 ne ha blibo la ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema ha blibo la nana nyitsuvi ɖeka, bena woasa numevɔ, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa lae, eye woawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe ɖoɖo la nu; eye woana gbɔ̃tsu ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.

25 Eye nunɔla nalé avu na Israel-viwo ƒe ha blibo la, eye woatsɔe ake wo; elabena ɖe woɖe ŋu ɖi da ƒu, eyata wona nu, be woatsɔ sa dzovɔ na Yehowa, eye wosa nuvɔ̃vɔ le Yehowa ŋku me, le esi woɖe ŋu ɖi da ƒu la ta.

26 Eye woatsɔe ake Israel-viwo ƒe ha blibo la kple amedzro, si le wo dome la hã, elabena dukɔ blibo lae ɖe ŋu ɖi heda ƒu.

27 Ke nenye ame ɖeka koe ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema wòana gbɔ̃nɔ, si xɔ ƒe ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.

28 Eye nunɔla nawɔ avulenuwo na amesi ɖe ŋu ɖi da ƒu la, le Yehowa ŋku me ahale avu nɛ, eye woatsɔe akee.

29 Se ɖeka nanɔ mia si na amesiwo ɖe ŋu ɖi da ƒu la, eɖanye Israel-viwo ŋutɔ alo amedzro, si le mia dome la o.

30 Ke ne amea ɖe ɖo tame wo nane la, ekema edo vlo Yehowa, eɖanye duamevi alo amedzro o; ele be, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.

31 Yehowa ƒe nya wodo vloe, eve eƒe se dzi wòda, eyata ele be, woatsrɔ̃ ame la ɖa kokoko, eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi le edzi.


Tohehe na amesi gblẽ kɔ ɖo na Sabat.

32 Esi Israel-viwo nɔ gbedzi la, wokpɔ ŋutsua ɖe le nake tɔm le dzudzɔgbeŋkeke la dzi.

33 Eye amesiwo kpɔe wole nakea fɔm la, kplɔe va Mose kple Aron kpakple ha blibo la gbɔ.

34 Eye wolée da ɖi, elabena womenya nusi woawɔe la gobi o.

35 Yehowa gblɔ na Mose bena: Ele be, woawu ŋutsu la; ha blibo la naƒu kpee le asaɖa la godo, woaku.

36 Tete ha blibo la kplɔe yi ɖe asaɖa la godo, eye woƒu kpee wòku, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Dzesinu le awuwo ŋu.

37 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:

38 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo be: Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo to, eye woatsi gboa ɖe aɖabɛ blɔtɔ lɔ̃ka ŋu.

39 Ne miekpɔ gboawo la, ekema miaɖo ŋku Yehowa ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ wo dzi, bena miagadze miaƒe dziwo kple ŋkuwo yome awu nusi wodi la o.

40 Eye miaɖo ŋku nye seawo katã dzi, bena mianɔ kɔkɔe na míaƒe Mawu.

41 Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, be manye miaƒe Mawu. Nye Yehowa, mia Mawu!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan