Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

4 Mose 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wohe to na dukɔ le eƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta.

1 Tete ha blibo la do ɣlikpɛ, eye dukɔ la fa avi le zã ma me.

2 Eye Israel-viwo katã li Mose kple Aron ŋu, eye ha blibo la gblɔ na wo bena: Oo, ɖe mieku le Egipte-nyigba dzi boŋ, ɖe mieku le gbe sia dzi boŋ la, ne nyo wu!

3 Nukata gɔ̃ Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi, bena míatsi yi nu, eye mia srɔ̃wo kple mia viwo nazu aboyonu? Ne míagbugbɔ ayi Egipte la, ɖe manyo na mí awu oa?

4 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míaɖo tatɔ na mía ɖokui, eye míagbugbɔ ayi Egipte!

5 Tete Mose kple Aron tsyɔ mo anyi ɖe Israel-viwo ƒe ha blibo la katã ŋku me.

6 Ke Yosua, Nun vi, kple Kaleb, Yefune vi, amesiwo hã ɖe ɖatsa ŋku la, dze woƒe awuwo,

7 eye wogblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la bena: Anyigba, si dzi miede ɖatsa ŋku le la, nyo ʋuu keke tso me.

8 Ne miaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mi.

9 Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!

10 Ke ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku, tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ le Israel-viwo katã ŋku me.

11 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia ado vlom, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wonye mewo dzesi geɖewo le wo dome hafi?

12 Eyata matsɔ dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo, eye mana dukɔ gãa ɖe, si asẽ ŋu wu wo la, nadzo tso mewo

13 Mose gblɔ na Yehowa bena: Evɔ wònye Egiptetɔwo see bena, etsɔ wò ŋusẽ kplɔ dukɔ sia tso wo dome ɖe?

14 Eye amesiwo see la, agblɔe na anyigba sia dzitɔwo bena: Wo Yehowa ŋutɔ ena dukɔ sia dome, èɖe ɖokuiwò ba wo wokpɔ kɔte, eye wò alilikpo nɔ wo dzi; wò Yehowa ŋutɔ ezɔ wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me le ŋkeke me, eye nezɔ wo ŋgɔ le dzobibi me le zã me.

15 Nenye be, awu dukɔ sia abe ame ɖeka ene la, ekema dukɔ, siwo se nyaa le ŋuwò la, agblɔ be:

16 Ɖe Yehowa mekpe, be wòakplɔ dukɔ sia ayi anyigba, si ŋu woka atam ɖo na wo la dzi o; eyata wowu wo ɖo.

17 Eyata Aƒetɔ, ɖe wo ŋusẽ fia, abe alesi negblɔ ene be:

18 Yehowa gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ, etsɔa vodada kple dzidada kena, ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.

19 Eyata tsɔ dukɔ sia ƒe vodada ke wo le wò amenuveve gã la nu, abe alesi nẽtsɔe ke dukɔ sia tso Egipte ke vaseɖe afisia ene.

20 Yehowa ɖo ŋu be: Matsɔe ake, abe alesi nègblɔ ene.

21 Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi

22 ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,

23 makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la o, eye amesiwo katã do vlom la, hã makpɔe o!

24 Ke makplɔ nye dɔla Kaleb ayi anyigba, si dzi wògbɔ tso la dzi, eye wòazu eƒe dzidzimeviwo to, elabena gbɔgbɔ bubu le eme, eye wodze yonyeme blibo.

25 Ke Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo nɔ gbadzaƒe. Etsɔ miaho agbugbɔ aɖo ta gbedzi le Avaƒu la gbɔ!

26 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:

27 Zi nenie gã ha vɔ̃ɖi sia ali ŋunye? Elabena mese alesi Israel-viwo li liʋĩliʋĩ ɖe ŋunye lae.

28 Gblɔ na wo be, Yehowa ƒe numegbe enye si: Meta nye agbe be, mawo mi, abe alesi miegblɔ ɖe nye to me ene!

29 Mia dometɔ, siwo wotia xlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple vo la, woaku ɖe gbe sia dzi keŋkeŋ, le esi mieli ŋunye la ta.

30 Miade anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mi be, mianɔ edzi la dzi o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.

31 Ke makplɔ mia vi, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu la, ayi edzi, bena woakpɔ anyigba, si miedo vloe la.

32 Gake miawo miaku ɖe gbe sia dzi kokoko.

33 Mia viwo anye lãnyilawo le gbeadzi ƒe blane sɔŋ, eye woaxɔ miaƒe nuvɔ̃wo atsɔ, vaseɖe esime miaku avɔ le gbeadzi keŋkeŋ hafi.

34 Ŋkeke blane, siwo mietsɔ ɖatsa ŋku le anyigbaa dzii la, nu miatsɔ miaƒe vodadawo ɖo ƒe blane; ŋkeke ɖeka nanye ƒe ɖeka, bena miadze su bena, metrɔ le mia yome.

35 Nye Yehowae gblɔe, eye alea mawɔ ha vɔ̃ɖi sia, si dze aglã ɖe ŋunye lae; gbe sia dzi woatsrɔ̃ ɖo, eye afisia woaku ɖo!

36 Eye Yehowa na ɖɔ vɔ̃ɖia ɖe ɖo amesiwo Mose dɔ be, woaɖatsa ŋku le anyigba dzi, amesiwo trɔ gbɔ, eye wode ŋɔdzi anyigba la ŋu hena ha blibo la li eŋu la dome,

37 eye woku, le esi wode ŋɔdzi anyigbaa ŋu la ta.

38 Ke Yosua, Nun vi, kple Kaleb, Yefune vi, koe tsi agbe le ŋutsu, siwo ɖe ɖatsa ŋku le anyigbae dzi la dome.

39 Esi Mose gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, dukɔ la xa nu ŋutɔ.

40 Wotso ŋdi kanya, eye wolia to la hegblɔ bena: Ɖe mieva afisia, be míayi teƒe, si ŋu Yehowa ƒo nu le la; elabena miewo nuvɔ̃.

41 Ke Mose gblɔ bena: Nukaŋuti miele Yehowa ƒe se la dzi dam? Mehele edzi dze ge o!

42 Migayi o, elabena Yehowa mele mia dome o, bena miaƒe futɔwo magasi mi o!

43 Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo le mia ŋgɔ le afima, eye míatsi yi nu. Esi mietrɔ le Yehowa yome la, eyata Yehowa manɔ kpli mi o.

44 Ke wosẽ tame helia to la, gake Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mose wotsi asaɖa la me.

45 Tete Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo, amesiwo le to sia dzi la, va si wo, eye woka wo hlẽ vaseɖe Xorma ke.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan