4 Mose 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wodɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Kanaan-nyigba dzi. 1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: 2 Dɔ ŋutsuwo ɖa, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba, si tsɔ ge mala ana Israel-viwo la dzi. Midɔ ŋutsu ɖekaɖeka tso wo fofowo ƒe toawo me; ame ŋkutawo sɔŋ woanye. 3 Eye Mose ɖɔ wo ɖa tso Paran-gbedzi le Yehowa ƒe se la nu; ŋutsuawo, katã nye ame ŋkutawo le Israel-viwo dome. 4 Woƒe ŋkɔwo nye Samua, Zakur vi, tso Ruben-to la me; 5 Safat, Xori vi, tso Simeon-to la me; 6 Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me; 7 Yigal, Yosef vi, tso Isaxar-to la me: 8 Hosea, Nun vi, tso Efrayim-to la me; 9 Palti, Rafu vi, tso Benyamin-to la me; 10 Gadiel, Sodi vi, tso Zebulon-to la me; 11 Gadi, Susi vi, amesi nye Yosef ƒomeawo, tso Manase-to la me; 12 Amiel, Gamali vi, tso Dan-to la me; 13 Setur, Mixael vi, tso Aser-to la me; 14 Naxbi, Wafsi vi, tso Naftali-to la me; 15 Guel, Maxi vi, tso Gad-to la me. 16 Esiawo nye ŋutsu, siwo Mose do, be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi la, ƒe ŋkɔwo Eye Mose yɔ Hosea. Nun vi, be Yosua. 17 Eye Mose dɔ wo, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba dzi hegblɔ na wo bena: Miyi ɖe anyigba la ƒe dziehe gome, eye miaha toawo. 18 Milé ŋku ɖe alesi anyigba la le kple dukɔ, si le edzi la ŋu, abe wo kako alo wo beli, wole ʋee alo wosɔ gbɔ ene; 19 alesi anyigba, si dzi wole la le, enyo loo alo menyo o; kpakple alesi du, siwo me wole la le, agbadɔ me ko wole loo, alo mɔ̃ sesẽwo me wole; 20 alesi anyigba la le, ewɔa nu alo mewɔa nu o, atiwo le edzi alo womelé edzi o. Milé dzi ɖe ƒo, no miatsɔ anyigba dzi kutsetsea ɖewo agbɔe, ɣemaɣi weintsetsewo dze ɖiɖi gɔme. 21 Eye woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedzi vaseɖe Rexob heɖo ta Xamat. 22 Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte. 23 Eye wova Eskol-bali la me, afisi wotso weintsetse kpo ɖeka le, eye ame eve ƒo ati ɖe eme hetsɔ; wogbe yevuboɖawo kple gbotsetsewo hã. 24 Woyɔa teƒe ma bena Eskol-bali me le weintsetse, siwo Israel-viwo gbe le afima la ta. Ŋkutsalawo gbugbɔ hede vɔvɔ̃ na dukɔ la. 25 Esi wotsa ŋku le anyigba la dzi vɔ la, wòtrɔ gbɔ le ŋkeke blane megbe. 26 Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo. 27 Eye wòto woƒe numegbe la nɛ bena: Miede anyigba, si dzi nedɔ mí ɖo la dzi; notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi vava, eye edzi kutsetsewo hã enye si; 28 negbe dukɔ, si le anyigba la dzi, koe kako, woƒe duwo sesẽ, eye wololo, eye míekpɔ Enak viwo hã le afima. 29 Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka 30 Ke Kaleb tsi nya ɖe dukɔ la nu hexɔ ɖe Mose dzi bena: Míate ŋu ade, eye míaxɔe, m ate ŋui kokoko tsã! 31 Ke ŋutsu, siwo hã ɖe la, gblɔ bena: Míate ŋu ade dukɔ mawo gbɔ o, elabena wosesẽ wu mi. 32 Eye wode vɔvɔ̃ anyigba, si dzi wotsa ŋku le la, ŋu na Israel-viwo be: Anyigba, si dzi miede ɖatsa ŋku le la, le edzinɔlawo mim, eye dukɔ, siwo katã le edzi la, nye ame kplalawo sɔŋ. 33 Miekpɔ Enak viwo, amesiwo nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo, hã le afima, eye miawo ɖeko míedze abe ʋetsuviwo ene, eye nenema woawo hã kpɔ míi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana