4 Mose 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Miryam li liʋĩliʋĩ, eye wodze anyi. 1 Eye Miryam kple Aron ƒo nu le Mose ŋu le Kus-nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus-nyɔnu 2 hegblɔ bena: Alo Mose ɖeɖe koe Yehowa ƒo nu kplia? Ɖe meƒo nu kple miawo hã oa? Eye Yehowa see. 3 Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi. 4 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron kpakple Miryam bena: Mia kple etɔ̃ la mido va Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woa kple etɔ̃ la wodo va. 5 Tete Yehowa ɖi va agbadɔ la nu le alilikpo dodoa ɖe me, eye wòyɔ Aron kple Miryam, eye woa kple eve la woyi. 6 Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me. 7 Ke menye alea mewɔna na nye dɔla Mose, amesi nye anukwaretɔ le nye aƒe blibo la nu o; 8 boŋ nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋku me kple ŋku me, nyemetoa adzo nɛ o, ke boŋ meɖea nuawo ŋutɔ fia nɛ, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dzedzeme. Nukaŋuti mieva nye dɔla o, eye mieƒo nu le Mose ŋua? 9 Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu hedzo. 10 Esi alilikpo la ho tso agbadɔa dzi la, kasia Miryam dze anyi, eye wòfu ɣie abe agbelimɔwɔtsi ene; eye esi Aron trɔ ɖe Miryam ŋu la, kpo ɖa, edze anyi. 11 Tete Aron gblɔ na Mose bena: Ao, nye aƒetɔ, megana woahe to na mí le nuvɔ̃, si míetsi bome wo la ta o. 12 Megana wòano abe ɖevi, si ku ɖe dɔ me na dada, eye eƒe akpa ɖeka vo, hafi wodzii la ene o! 13 Tete Mose ɖo ɣli na Yehowa bena: Ao, yɔ dɔe dzro! 14 Yehowa ɖo ŋu na Mose bena; Ɖe wònye fofoa ye ɖe ta ɖe mo nɛ la, ne ŋu makpee ŋkeke adre oa? Eyata woatui ɖe xɔ me le asaɖa godo ŋkeke adre, emegbe hafi woagaxɔe. 15 Ale woɖe Miryam xa ɖe asaɖa godo ŋkeke adre; ke dukɔ la meho o, vaseɖe esime wogaxɔ Miryam hafi. 16 Emegbe dukɔ la ho tso Xazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran-gbedzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana